Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 2:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke amea ɖe ɖi ɖase kɔte le afia ɖe bena: „Nukae nye amegbetɔ bena, nèɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi be, nèléa ŋku ɖe eŋu?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Ke ame aɖe gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be, “Nu kae nye amegbetɔ be nèbua eŋuti, eye nu kae nye Amegbetɔ Vi be nèléa be nɛ?

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 2:6
16 Mawu Ofanana  

Eye Yosef gblɔ na nɔviawo bena: Nye la mele kuku ge; ke Mawu aɖo ŋku mia dzi, eye wòakplɔ mi atso anyigba sia dzi ayi ɖe anyigba, si ŋugbe wodo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Nuka nye amegbetɔ, be yeadza, kple nyɔnu tɔ dzidzia, be yeanye ame dzɔdzɔe?


ʋuu kekeke woahayi amegbetɔ, si nye nyẽ, kpakple ame, si nye ŋɔ la, nye ge!


Yehowa, nuka nye amegbetɔ be, nèdze sii, kple amegbetɔvi be, nèlé ŋku ɖe eŋu?


Dukɔwo katã mele ɖeke me le eŋku me o, ebu wo abe nu maɖinui kple tofloko ene.


Nyee, nyee nye amesi afa akɔ na mi. Ameka nènye, be nèle amegbetɔ, si nye nu kukua, kple amegbetɔvi, si wowɔna abe gbe ene la vɔ̃m?


Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, elabena eva kpɔ eƒe dukɔ ɖa, eye wòwɔ ɖeɖe nɛ,


le míaƒe Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ ŋuti, esime kekeli dze tso dziƒo ʋĩ va kpɔ mí ɖa,


Eye vɔvɔ̃ lé wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Nyagblɔɖila gãa ɖe tsi tre le mia dome, eye Mawu kpɔ eƒe dukɔ la ɖa.


eye amea ɖeke nagaba nɔvia, eye wòatafae le dɔwɔwɔ me o; elabena Aƒetɔ lae nye nusiawo katã ƒe hlɔ̃biala, abe alesi miegblɔ tsã, eye míeɖi ɖase na mi la ene.


Elabena egblɔ le afia ɖe le ŋkeke adrelia ŋuti bena: „Eye Mawu dzudzɔ le ŋkeke adrelia dzi tso eƒe dɔwɔwɔwo katã me.“


abe alesi wogblɔ le afi bubua ɖe hã ene bena: „Wòe nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.“


wodzro azãgbe kple azãgbe, si ƒomevi Kristo ƒe Gbɔgbɔ, si le wo me la, laɖe afia la me kpɔ, esime wòɖi ɖase tsã le fukpekpe, siwo le Kristo dzi va ge, kple ŋutikɔkɔe, si le wo yome dze ge la ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa