Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 2:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 eye woade amesiwo katã nɔ kluvinyenye me to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbenɔɣiwo katã me la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 eye wòɖe ga ame siwo zu kluviwo to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbemeŋkekewo katã me.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 2:15
17 Mawu Ofanana  

Ŋɔdzidodowo doa dzikatsoƒoe nɛ, eye woyɔnɛ de nu kplikplikpli.


Woaɖee ɖa le eƒe agbadɔ, si ŋu wòle ŋu ɖom ɖo la me, eye nu akplɔe aƒu fia dziŋɔla.


Elabena viviti tsiɖitsiɖi le na wo katã abe agudzedze ene, eye wodzea xɔlɔ̃ zãblukɔ ƒe ŋɔdzi.


be wòaɖe woƒe luʋɔ tso ku me, eye wòalé woƒe agbe ɖe te le dɔŋɔli.


le futɔ la ƒe gbe kple ame vɔ̃ɖi la ƒe ametete ɖe anyi ŋuti; elabena wolɔ gbegblẽ trɔ ɖe dzinye, eye wolé tum le dziku me.


Mawu, menyi adzɔgbeɖefe le asiwo, matsɔ akpeɖavɔsa axee na wò.


Ale ŋɔdzi na wotsrɔ̃ le aɖabaƒoƒo ɖeka me, wobu, eye wo nu yi!


Aƒetɔ, ɖo ŋu, alesi nye agbe le kpuie kple alesi nèwɔ amegbetɔviwo katã dzodzroe!


Elabena miexa kluvigbɔgbɔ, bene miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke vinyenyegbɔgbɔ la boŋ miexɔ, esi me miedo ɣli le be: Aba, Fofo!


Eyata woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.


amesi ɖe mi tso nenem ku gã sia me, eye wogale mía ɖeɖe dzi, eye míele mɔ kpɔm nɛ bena, agaɖe mí hã.


Migblɔe nam, mi amesiwo le didim be, yewoanɔ sea te la, miese se la oa?


Elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ-kple lɔlɔ̃-kpakple ɖokuidziɖuɖugbɔgbɔe wòna mí.


Elabena vavã, menye mawudɔlawo wòva xɔxɔ ge na o, ke boŋ Abraham ƒome wòva xɔxɔ ge na.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa