Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 2:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Elabena amesi kɔa amewo ŋuti kple amesiwo ŋuti wokɔ la, wo katã dzɔ tso ame ɖeka me, eyata ŋu mekpee be, wòayɔ wo be nɔviwo o:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ame si wɔa amewo kɔkɔe kple ame siwo wowɔ kɔkɔe la katã nye ƒome ɖeka me nɔlawo. Eya ta mekpe ŋu na Yesu be wòayɔ wo be ye nɔviwo o.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 2:11
19 Mawu Ofanana  

Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.


Tete Yesu gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o! Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo bena, wòayi Galilea, eye afima woakpɔm le.


Eye esi wòkpɔ amesiwo le anyinɔƒe ƒo xlãe dzi godoo la, egblɔ bena: Mikpɔ danye kple nɔvinyewo ɖa!


Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi kple dzidzime wonuvɔ̃ sia dome la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui, ne ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.


Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo la, Amegbetɔvi la akpe ŋu eya hã, ne ava le eya ŋutɔ kple Fofoa kple mawudɔla kɔkɔeawo ƒe ŋutikɔkɔe la me.


Mewo ɖokuinye kɔkɔe ɖe wo ta, bena woawo hã woazu ame kɔkɔewo le nyateƒe la me.


bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò. Fofo, nèle menye, eye nye hã mete mewo ene, bena woawo hã woazu ɖeka le mía me, bena xexeame naxɔe ase be, wòe dɔm ɖa.


Yesu gblɔ nɛ bena: Megaka asi ŋunye o; elabena nyemekpɔ yi dziƒo, Fofo la gbɔ, haɖe o, ke yi nɔvinveŋutsuwo gbɔ, eye nagblɔ na wo bena: Meyina dziƒo ɖe Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu la gbɔ.


eye wòwɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba da ƒe ŋku me: eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi;


elabena eya me míele agbe, eye míeʋãna le, eye miele, abe alesi miaƒe henɔa ɖewo hã gblɔ ene bena: „Elabena eƒe dzidzime miawo hã míenye.“


Elabena amesiwo wonya ɖi la, eɖo wo ɖi hã, bene woanye Via ƒe nɔnɔme tɔgbe, bene wòanye ŋgɔgbevi le nɔvi geɖewo dome.


Ke esi azãgbe la ɖo vo la, Mawu dɔ ye ŋuta Via ɖo ɖa, eye nyɔnua ɖe dzii, eye wodzii ɖe se la te,


lɔlɔ̃nu sia me wokɔ mía ŋu le zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu to Yesu Kristo ƒe ŋutilãtsɔtsɔna me.


Elabena vɔsa ɖeka wòtsɔ wɔ amesiwo ŋuti wokɔ la blibo halase tegbe.


Ke azɔ la denyigba, si nyo wu la, le wo dzrom, esia nye dziƒo tɔ. Eyata ŋu mekpe Mawu le wo ŋuti be, wòyɔe be woƒe Mawu o; elabena edzra du ɖo na wo.


Eyata Yesu hã kpe fu le agbo la godo, bene wòatsɔ ye ŋutɔ ƒe ʋu akɔ eƒe dukɔ la ŋuti.


Azɔ alesi viawo kpɔ ʋu kple ŋutilã ƒe gome la, nenema ke eya hã kpɔ ekemawo ƒe gome, bene wòato ku me aɖi gbɔ amesi si ku ƒe ŋusẽ le, si nye Abosam la,


Eyaŋuti, nɔvi kɔkɔewo, dziƒoyɔyɔ gomekpɔlawo: Mibu miaƒe xɔsemeʋuʋu ƒe ame dɔdɔ kple nunɔlagã Yesu la ŋuti,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa