Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 2:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eyata ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo miese la ŋuti geɖe wu, bene miagato eŋuti ayi o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Esia ta ele na mi be miaɖo to nyateƒenya siwo katã miese la nyuie, ne menye nenema o la, miate ɖa xaa tso nyateƒe la gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 2:1
25 Mawu Ofanana  

Ne èlé ɖoɖo kple kɔnu, siwo Yehowa ɖo na Mose hena Israel-viwo la me ɖe asi, eye nèwɔ wo dzi la, ekema akpɔ dzagbenyuie. Sẽ ŋu, eye nalé dzi ɖe ƒo, megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o!


Aleke ɖekakpui alẽ eƒe mɔ atsɔ fɔɖiɖi manɔmee? Ne elé ŋku ɖe eɖokui ŋu ɖe wò nya la nu.


Vinye, megana woate da le ŋkuwò me o; le nunya vavã kple tamebubu me ɖe asi sesie;


Kpɔ ɖa, manyɔ Kaldeatɔwo, dukɔ nyanyrã, si ƒe afɔ tsɔna; woatu anyigba ƒe ke-keme, ne woaxɔ nɔƒe, siwo menye wo tɔ o la.


Ŋukpe aɖi ƒo na wò, eye menye bubu o; wò hã noe, ne naɖe ama, Yehowa ƒe nuɖusi lé kplu la wòva ɖo gbɔwò, eye, wò bubu aɖi gbɔ.


Alo ɖe miedze si nu kpɔ oa? Eye mieɖo ŋku ame akpe atɔ̃ la ƒe abolo atɔ̃ dzi kple kevi alesi nu mielɔ o mahã?


Ŋku li na mi, miekpɔa nu o! Eye to li na mi, miesea nu o! Eye mieɖoa ŋku nu dzi o,


Eye esi le anyigba nyui la me la, woawo nye amesiwo se nya la kple dzi nyui, si dza, eye wòlé eme ɖe asi sesĩe, eye wotsena le dzigbɔɖanyi me.


Miawo la milé nya sia ɖo miaƒe towo me; elabena wole Amegbetɔvi la de ge asi na amewo.


Tete wofa kpewo, be yewoaƒui; ke Yesu ɣla eɖokui, eye wòdo go le mawuƒe la me.


Eyata mikpɔ nyuie, ne miagaŋlɔ nusi Yehowa, mia Mawu bia kpli mi la be o, eye migawɔ legba alo nusiwo Yehowa, wò Mawu, tsri na mi la, ƒe nɔnɔmea ɖeke na mia ɖokui o.


Ke kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie, eye nakpɔ wò agbe ta, bena magaŋlɔ nusiwo nèkpɔ kple wò ŋku la be o, eye womagaɖo le wò dzi me le wò agbe me ŋkekewo katã me o, ke boŋ naxlẽ wo afia viwòwo kple viwòwo ƒe viwo.


eye mieŋlɔ nuxɔxlɔ̃, si ƒoa nu na mi abe viwo ene la be, eyae nye be: „Vinye, megado vlo Aƒetɔ ƒe tohehe o, eye dzi nagaɖe le ƒowò, ne eka ŋku me na wò o;


Ke mado vevie, bena miate ŋu aɖo ŋku nusiawo dzi gbesiagbe le nye dzodzo megbe.


Lɔlɔ̃tɔwo, esia nye agbalẽ evelia xoxo, si meŋlɔ ɖo ɖe mi, eye metsɔ ŋkuɖoɖonudzi nyɔ miaƒe tamesusu, si me kɔ la le wo me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa