Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 13:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Miɖo ŋku amesiwo wobla la dzi, abe ɖe wobla mi hekpe ɖe wo ŋu ene, kple amesiwo kpe fu la dzi, abe amesiwo hã le ŋutilã me ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Miɖo ŋku ame siwo wode gaxɔ me la dzi abe miawo hãe le gaxɔ me kpli wo ene. Nenema ke miɖo ŋku ame siwo wole fu wɔmii la dzi abe miawo hãe le fua kpem ene.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 13:3
19 Mawu Ofanana  

Ahakulawo ƒe amegã megaɖo ŋku Yosef dzi o, ke boŋ eŋlɔe be.


Mele amama, eye miedo awu nam; nye lãme gblẽ, eye mieva kpam ɖa, mele gaxɔ me, eye mieva gbɔnye.


amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ o; menɔ amama, eye mieɖo awu nam o; nye lãme gblẽ, menɔ gaxɔ me, eye mieva kpɔm ɖa o.


Eye wòde se na aʋafia la bena, Paulo nanɔ eƒe dzikpɔkpɔ te, eye wòana woagbɔ ɖe eme, eye megaxe mɔ na etɔwo dometɔa ɖeke be, megasubɔe o.


Esi ŋu ke la, míedze ɖe Sidon, eye Yulio nyo dome na Paulo, eye wòɖe mɔ nɛ bena, wòayi xɔlɔ̃awo gbɔ, be woagbã ɖe eme.


Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la!


Eye ne ŋutinu ɖeka le fu kpem la, ŋutinuwo katã kpea fu nɛ ti, eye ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, ŋutinuwo katã kpɔa dzidzɔ nɛ ti.


Azɔ la nye amesi nye gatɔ le Aƒetɔ la me la, mele nu xlɔ̃m mi bena, miazɔ alesi dze mia yɔyɔ, si wotsɔ yɔ mi la


Ɖuɖɔ, si nye Paulo metsɔ nye asi ŋlɔe la, enye si. Miɖo ŋu nye kɔsɔkɔsɔwo! Amenuveve nanɔ anyi kpli mi!


Elabena gatɔwo hã ƒe nu wɔ nublanui na mi, eye miedo dzi kple dzidzɔ le mia ŋutinuwo haha me, esi mienya bena, ŋutinu, siwo nyo wu, eye wonɔa anyi ɖaa la, li na mi le dziƒo.


woƒu kpe wo, wodze wo kple laxalaxa, wote wo kpɔ, wowu wo kple yi, wonɔa tsatsam le alẽgbalẽwo kple gbɔ̃gbalẽwo me, le koɖoɖo, xaxa kple fukpekpe me,


Mlɔeba la mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa