Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 13:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eyata mina miato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Eya ta mina míatsɔ kafukafuvɔsa na Mawu ɣe sia ɣi to Yesu dzi, kafukafu siwo nye kutsetse tso nuyi siwo ʋua Yesu ƒe ŋkɔ me la me.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 13:15
42 Mawu Ofanana  

Emegbe Xizkiya xɔ edzi gblɔ bena: Azɔ miekɔ mia ɖokui ŋu na Yehowa Mite va, ne miasa akpedavɔ kple kafukafuvɔ le Yehowa ƒe aƒe la me! Eye ameha blibo la sa akpedavɔ kple kafukafuvɔ, eye amesiame, si lɔ̃ le eɖokui si lã, sa numevɔ.


Eɖi Yehowa ƒe vɔsamlekpui la, eye wosa akpedavɔ kple kafukafuvɔ le edzi, eye wòde se na Yuda be, woasubɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la.


Nunɔlawo tsi tre ɖe wo nɔƒe, eye Lewi-viwo lé Yehowa ƒe hadzinu, siwo fia Dawid na wowɔ la, ɖe asi, ne woatsɔ Dawid ƒe kafukafuha ada akpe na Yehowa, elabena eƒe amenuveve li tegbee; nunɔlawo tsi tre ɖe wo kasa le kpẽwo kum, eye Israel blibo la le tsitrenu.


Wodzi kafukafuha kple akpedaha na Yehowa be. Eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee ɖe Israel dzi Eye ɖukɔ blibo la tso aseye sesie, esime wole Yehowa kɔfum, le esi woɖo Yehowa ƒe xɔ la gɔme anyi ŋuti.


Tete kafukafuhadziha eveawo ɖo ɖe Mawu ƒe aƒe la me hekpe ɖe mía kple amegãwo ƒe afã, si le ŋunye la ŋuti.


Wosa vɔ geɖe gbemagbe, eye wokpɔ dzidzɔ, elabena Mawu do dzidzɔ gã na wo; nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpɔ dzidzɔ, eye wose Yerusalem ƒe dzidzɔ la ŋkɔ le didiƒe ke.


Miʋu dzɔdzɔenyenyegbowo nam, ne mage ɖe eme ada akpe na Yehowa.


Yehowa, na nye nu ƒe vɔsa faawo nadze ŋuwò, eye fia wò ɖoɖowom.


amesi ɖem le nye futɔwo si me, eye wòkɔm ɖo nye ketɔwo nu hã; eɖem le ŋutasẽla si me.


Tsɔ akpedada sa vɔ na Mawu, eye naxe wò adzɔgbeɖefe na dziƒoʋitɔ la!


Amesi tso akpedada sa vɔe la, ede bubu ŋunye; eye amesi lé ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu la, mana wòakpɔ Mawu ƒe xɔname!


Yehowa, amesi wo nuyiwo ƒe kutsetse la, gblɔ be: Ŋutifafa, ŋutifafa mana didiƒe nɔlawo kple kpuiƒe nɔlawo, eve mayɔ do wo.


afima wòase aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, amesiwo le gbɔgblɔm be: Mikafu Yehowa Zebaot, elabena Yehowa ƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee“ la ƒe gbe le; elabena magaɖo anyigba la te abe tsã ene, Yehowa ye gblɔe.


eye amesi asa numevɔ, atɔ dzo nuɖuvɔ, eye wòasa akpedavɔ le ŋkunye me ɣesiaɣi la, mave le nunɔla, siwo nye Lewi-viwo dome gbeɖe o.


Israel, gatrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, elabena wò vodadawoe tsɔ wò ƒu anyi.


Nenye kafukafu tae wòbe, yeasa vɔ ɖo la, ekema wòatsɔ aboŋgo maʋamaʋã, akaklã, si dzi wokɔ ami ɖo, kpakple wɔ memee, si wodzaba kple ami hetsɔ tɔ tatali la, akpe ɖe eƒe kafukafuvɔsalã la ŋu.


sikanutɔgba ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa;


Le ɣemaɣi me la Yesu ɖo ŋu gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba dzi Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe woawo fia vidzĩewo;


Le gaƒoƒo ma ke dzi la etso aseye le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe wo fia vidzĩewo; ẽ, Fofo, elabena nenemae nyoa ŋuwò.


Nyee nye agbo la; ne amea ɖe to menye yi ɖe eme la, akpɔ ɖeɖe, eye wòayi ɖe eme agado go, eye wòakpɔ nyiƒe.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwò, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatso miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti ko, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.


Meƒo nu alesi ame ƒoa nu le miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti. Elabena sigbe alesi mietsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ makɔmakɔnyenye kple sedzimawɔmawɔ ƒe kluviwoe hena sedzidada la, nenema ke azɔ mitsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo hena kɔkɔenyenye.


Elabena eyama ke me mi kpakple eve la katã míekpɔ mɔnu le Gbɔgbɔ ɖeka me la heyina Fofo la gbɔ.


eye mitsɔ dzidzɔ da akpe na Fofo, si na miedze ame kɔkɔewo ƒe domenyinyi ƒe gomekpɔkpɔ le kekeli la me,


Eyata esi míexɔ fiaɖuƒe, si meʋuʋuna o la, mina míada akpedada, si me miato asubɔ Mawu wòadze eŋu, hekpe ɖe mawusosroɖa kple evovo ŋuti.


Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.


eye abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi.


Ne amea ɖe le nya gblɔm la, negblɔe abe mawunya ene; ne amea ɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ, si Mawu tsɔ kee la subɔ, bene woakafu Mawu le nuwo katã me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa