Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 12:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ne miedo dzi le tohehe me la, Mawu awɔ ɖe mia ŋu abe viwo ene; elabena vi kae li, si fofoa mehea to nɛ o mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Mito fukpekpe me abe miaƒe hehe ƒe akpa aɖe ene, elabena Mawu le mia hem abe via ŋutsuwo ene, elabena viŋutsu kae li ame si fofoa mehea to na o?

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 12:7
16 Mawu Ofanana  

Manye fofoa, eye eya anye vinye, eye ne eda vo la, mahe to nɛ kple ameƒoti, eye maƒoe, abe alesi woƒoa amegbetɔviwo ene.


Le eƒe agbe me ŋkekewo me la fofoa mehe nya ɖe eŋu kpɔ be: nukaŋuti nèwɔ esi kple esi hã o. Edze ɖeka hã ŋutɔ, eye eya wòdzi ɖe Absalom yome.


Amesi vea nu le eƒe ameƒoti gbɔ la, léa fu via; ke amesi lɔ̃nɛ la, tsona ɖe tohehe ŋu bla.


He to na viwò, elabena mɔkpɔkpɔ gali; ke megaɖo ɖe tame be, yeawui o.


Ne bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu la, ameƒoti afee ɖa le afima.


Ati kple mokaname dzea nunya ame, ke ɖevi tsibodome dea ŋukpe mo na dadaa.


He to na viwò, ekema ana gbɔɖeme wò, eye wòado vivi na wò luʋɔ.


hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.


Ke ne wodrɔ̃ ʋɔnu mi la, Aƒetɔ la hea to na mi, bene womagabu fɔ mi kple xexeame zi ɖeka o.


Eyata nyae le wò dzi me bena, ɖe Yehowa le nu fiãm wò, abe alesi ŋutsu fia nunya via ene.


Nukaŋuti miedo vlo nye vɔsalã kple nye nuɖuvɔsa, siwo meɖo hena nye nɔƒe la? Ebu viwòwo wum, eye mieɖu nye dukɔ ƒe vɔsanu nyuitɔwo da ami!


Nusi ava viwòwo kple eve Xofni kple Pinexas dzi la, anye dzesi na wò: Woa kple eve la woaku gbe ɖeka!


Megblɔ nɛ be, mahe to na eƒe aƒe la kokoko le eƒe vodada ta, elabena enyae bena, viawo wo busunu gake megbe na wo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa