Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 12:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 eye mieŋlɔ nuxɔxlɔ̃, si ƒoa nu na mi abe viwo ene la be, eyae nye be: „Vinye, megado vlo Aƒetɔ ƒe tohehe o, eye dzi nagaɖe le ƒowò, ne eka ŋku me na wò o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ke mieŋlɔ dzideƒonya si yɔ mi be viŋutsuwo la be. Nya lae nye be, “Vinye ŋutsu, mègado vlo Aƒetɔ la ƒe amehehe, eye dzi megaɖe le ƒowò, ne eka mo na wò o,

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 12:5
33 Mawu Ofanana  

Ɖe amea ɖe gblɔ na Mawu kpɔ be: Mekpe fu, evɔ wònye nyemewɔ vɔ̃a ɖeke o hafia?


Yehowa he to nam, gake medem asi na ku o.


Melé nye agbe ɖe asiƒome ɖaa, ke nyemeŋlɔ wò se la be o.


Nye dzeme akɔ ɖewò ɖoɖowo ŋu, nyemaŋlɔ wo be o.


Hafi woava bɔbɔm ɖe anyi la, metra mɔ, ke azɔ le melé ŋku ɖe wò nya ŋu.


Yehowa, menyae be, wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo le eteƒe, eye nèbɔbɔm ɖe anyi le nyateƒe la me.


Elabena ne mele abe lãgbɔlẽgolo, si le dzokɔ ene hã, nyemɔŋlɔ wò ɖoɖowo be o.


Yehowa, woayra ŋutsu, si nèhe to na, eye nètsɔ wò se le fia nui,


Vinye, megaŋlɔ nye nufiame be ti, eye wò dzi nedzra nye sededewo ɖo;


Ele nunya, ƒle gɔmesese! Megaŋlɔe be o, eye megate ɖe aga tso nye nu me nyawo ŋu o.


Mese Efrayim le nu xam xoxo be: „Ehe to nam, eye mena nèhe to nam abe nyivi, si womemlã o la ene; gakplɔm gbɔe, ekema matrɔ la me; elabena wòe nye Yehowa, nye Mawu.


Nuka ta amegbetɔ le nu xam le eƒe agbe me? Amesiame nexa nu le eƒe nuvɔ̃ ŋu boŋ.


Mele afisia o, ke boŋ etsi tre; mido ŋku edzi, alesi wògblɔ na mi, esime wogale Galilea la bena:


Eye wodo ŋku eƒe nyawo dzi,


Ke ne wodrɔ̃ ʋɔnu mi la, Aƒetɔ la hea to na mi, bene womagabu fɔ mi kple xexeame zi ɖeka o.


Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi!


amesiwo dome Himenaio kple Aleksandro wole, amesiwo metsɔ de asi na Satana, bene wòahe to na wo, be woadzudzɔ busunyagbɔgblɔ.


Ne miedo dzi le tohehe me la, Mawu awɔ ɖe mia ŋu abe viwo ene; elabena vi kae li, si fofoa mehea to nɛ o mahã?


Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena miaxɔ nuxlɔ̃menya la; elabena nya via ɖewo koe meŋlɔ ɖo ɖe mi.


Woayra ŋutsu, si doa dzi le tetekpɔ me la; elabena ne eva li ke la, akpɔ agbefiakuku, si ŋugbe Aƒetɔ la do na amesiwo lɔ̃nɛ la.


Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na; eyata ɖo vevie, be natrɔ le wò dzi me?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa