Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 12:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Le aʋawɔwɔ kple nuvɔ̃ me la miekpɔ tsitre sesĩe yiɖase ɖe ʋu me haɖe o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Le miaƒe ʋiʋli le nu vɔ̃ si me la, mieʋli va se ɖe esime miaƒe ʋu kɔ ɖi haɖe o.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 12:4
12 Mawu Ofanana  

Le ŋkeke ma me woaɖe mi asi na fukpekpe, eye woawu mi, eye dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti.


Tetekpɔa ɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.


Ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase atitsoga ŋuti ku la me ke.


eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.


Azɔ la, minɛ míado go ayi ɖe egbɔ le asaɖa godo atso eƒe ŋukpe aɖo mía ɖokui dzi.


Eye woɖu edzi to alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me, eye womelɔ̃ woƒe agbe o vaseɖe ku me.


Eye mekpɔ nyɔnu la mu ame kɔkɔewo ƒe ʋu kple Yesu ƒe ɖaseɖilawo ƒe ʋu. Eye esime mekpɔe la, nye mo wɔ yaa geɖe ŋutɔ.


Eye wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple amesiwo katã wowu le anyigba dzi la, ƒe ʋu le eme.


Menya wò dɔwɔwɔwo kple afisi nenɔna, afisi Abosam ƒe zikpui le, eye nèlé nye ŋkɔ me ɖe asi sesĩe, eye mèsẽ nu le dzinye xɔxɔse ŋuti le ŋkeke, siwo me ke wowu Antipa, si nye nye ɖaseɖila nuteƒewɔla le mia dome, afisi Abosam nana la o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa