Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 12:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Mikpɔ nyuie, bena miagagbe amesi le nu ƒom na mi la o; elabena ne ame mawo, esi wogbe amesi gblɔ nya fia wo le anyigba dzi la, eye womete ŋu si le enu o la, geɖe wu miawo míate ŋu asi o, ne mietrɔ tso amesi ɖe eɖokui fia tso dziƒo la gbɔ;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Mikpɔ nyuie be miagagbe toɖoɖo ame si le nu ƒom la o. Nenye be womete ŋu si, esi wogbe toɖoɖo eya ame si xlɔ̃ nu wo le anyigba dzi la nu o la, aleke míawo ya míate ŋu asii ne míegbe toɖoɖo ame si le nu xlɔ̃m mí tso dziƒo?

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 12:25
36 Mawu Ofanana  

Esi Israel blibo la kpɔ bena, fia la mese woƒe gbe o la, dukɔ la ɖo ŋu na fia la bena: Gome ka le Dawid gbɔ na mí, eye domenyinu ka le Isai vi la gbɔ na mi? Israel, yi wò agbadɔ me! Dawid, kpɔ wò aƒe gbɔ! Eye Israel dzo yi eƒe agbadɔ me.


Ke ne mietrɔ, eye mieɖe asi le nye ɖoɖo kple nye se, siwo mede asi na mi la ŋu, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la,


Mikpɔ ɖa Yehowa na dzudzɔgbe mi, eyata wòna nuɖuɖu mi le ŋkeke adelia dzi ɖe ŋkeke eve nu. Amesiame natsi aƒe, eye amea ɖeke nagado go le aƒe me le ŋkeke adrelia dzi o!


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ale nagblɔ na Israel-viwo enye si: Mia ŋutɔwo miekpɔ bena, meƒo nu kpli mi tso dziƒo.


Esi mele ame yɔm, eye miegbe, meke nye abɔwo, eye amea ɖeke melé ŋku ɖe eŋu o,


Elabena gegemewo ƒe godzedze wua woawo ŋutɔwo, eye bometsilawo ƒe anyinɔnɔ bɔkɔɔ tsrɔ̃a wo.


Ahedada kple ŋukpe ava amesi gbe amehehe la dzi; ke amesi bu mokaname la, woade bubu eŋu.


Amesi gbea amehehe la, edoa vlo eya ŋutɔ ɖokui; ke amesi sea mokaname la, adze nunya.


Miɖo to amehehe, ne miadze nunya, eye migagbee o.


Esee, eye nèɖe ŋku ɖe wo katã; ke miawo, ɖe miagbe boblododoea? Maɖe nu yeyewo afia wò tso azɔ kple nu ɣaɣla siwo menya o.


Wò du kɔkɔewo zu gbegbe, Zion zu gbegbe, eye Yerusalem tsi anyi aƒeɖoe.


Wotrɔ ɖe wo fofo, siwo gbe be, yewomaɖo to nye nyawo o la ƒe vodada tsãtɔwo ŋu; wodze mawu tutɔwo hã yome, ne woasubɔ wo; Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe la tu nye nu, si mebia kple wo fofowo la.


Wosẽ to ɖe nye sewo ŋu vloe wu dukɔwo, eye ɖe nye ɖoɖowo ŋu wu anyigba, siwo ɖe to ɖe wo godoo; elabena wogbe nye seawo, eye womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o.


Ke wogbe toɖoɖo, wolia ʋume kpakoo, eye wote nu ɖe to me, be yewomagase nu o.


Ne mietrɔ le eyome la, ekema ana woagatsi gbeadzi eteƒe nadidi, eye miahe gbegblẽ ava dukɔ blibo la dzi.


Esi wogale nuƒoƒo la dzi la, kpo ɖa, alilikpo, si klẽ la, do vɔvɔli ɖe wo dzi; eye kpɔ ɖa, goe tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, megagblɔe na amea ɖeke o; ke heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia mawununɔla boŋ, eye natsɔ nunana, si Mose ɖo anyi la, ana, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Mose sia, tsi gbe wogbe nu le gblɔ bena: „Amekae ɖo wò dziɖula kple ʋɔnudrɔ̃la la,“ eya Mawu do abe dziɖula kple ɖela ene to mawudɔla, si ɖe eɖokui fiae le ŋuvea me la ƒe asi dzi.


Amesi ke meɖo to nya, siwo wòagblɔ le nye ŋkɔ dzi o la, mabia tso ame la si.


Ke ne wò dzi gbugbɔ, eye meɖo to o, eye nena woɖu wò nède ta agu na mawu bubuwo hesubɔ wo la,


Ena nèse eƒe gbe tso dziƒo, bena wòafia nu wò, eye wòna nèkpɔ eƒe dzo gã la le anyigba dzi, eye nèse eƒe gbe tso dzo la me.


Mikpɔ nyuie bena, amea ɖeke nagaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o, ke boŋ miti nyuididi na mia nɔewo kple amewo katã yome ɖaasi.


Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ.


Esime Mawu ƒo nu na fofoawo le blemaŋɔli to nyagblɔɖilawo dzi zi geɖewo le nya ƒomevi geɖewo me la, eƒo nu kple miawo hã le ŋkeke mamletɔ siawo me le Via me,


Le xɔse me Noa, esime wòxa ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.


kple kpẽ ƒe ɖiɖi kple nyawo ƒe ɖiɖi, si eselawo gbe bena, womagagblɔ na yewo o la, ŋu miete va o. —


Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔa ɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o,


Ke amekawo ƒe nue ku dzi ne ƒe blane sɔŋ mahã? Alo menye amesiwo wɔ nuvɔ̃, amesiwo ƒe ƒu kotsoewo tsi gbedzi lae o ɖe?


nenem me siawo subɔa nusiwo nye dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu kple vɔvɔli, abe alesi Mawu ɖee fia Mose, esime wòle agbadɔ la wɔ ge la ene; elabena egblɔ be: „Kpɔ dzi, be nawɔ nuwo katã ɖe nɔnɔme, si wofiã wo le toa dzi la nu.“


Esi wova Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-to afã la gbɔ le Gilead-nyigba dzi la, wogblɔ na wo bena:


Ale Yehowa ƒe ha blibo la gblɔ esi: Nukaŋuti mieda vo ɖe Israel ƒe Mawu la ŋu, mietrɔ le Yehowa yome egbe, eye mieɖi vɔsamlekpui na mia ɖokui hedze aglã ɖe Yehowa ŋu egbe?


Esi mieto Gbɔgbɔ la me wɔ miaƒe luʋɔwo kɔkɔe le toɖoɖo nyateƒe la me hena nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o la, eyata milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me.


Eye medze klo ɖe eƒe afɔ nu, be made ta agu ne. Eye wògblɔ nam be: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la enye nyagblɔɖigbɔgbɔ.


Eye wògblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo nye nyagblɔɖilawo kple amesiwo lé agbalẽ sia me nyawo me ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa