Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 12:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 bena amea ɖeke maganye ahasiwɔla alo ahɔhlɔ̃bɔla abe Esau, amesi tsɔ ye ŋutɔ ƒe ŋgɔgbedzidzi ƒle le nuɖuɖu zi ɖeka ta la ene o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Mikpɔ nyuie be ame aɖeke mezu ahiãwɔla alo anye mawumavɔ̃la abe Esau, ame si tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye kple eŋudomenyinuwo dzra ɖe nuɖuɖu zi ɖeka ko ta la ene o.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 12:16
20 Mawu Ofanana  

Eɖo ŋu bena: Yakob ye woyɔnɛ vavã! Zi eve enye si wòblem: Exɔ ŋgɔgbevinyenye le asinye, azɔ egaxɔ nye yayra hã! Eye wòbiae bena: Mèkpɔtɔ yayraa ɖeke ɖi nam oa?


Elabena tso ame ƒe dzi me ke nu vɔ̃ɖi susuwo doa go tsona, matrewɔwɔwo, fififiwo, amewuwuwo,


ke boŋ la miaŋlɔ na wo bena, woatsri trɔ̃wo ƒe ɖiƒoƒo kple ahasiwɔwɔ kple lã tsiʋumewo kpakple ʋu.


bena, miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo kple ahasiwɔwɔ; ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le wo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi sesĩe!


Migana miawo ahasi, abe alesi wo dome amea ɖewo wo ahasi, eye ame akpe blave vɔ etɔ̃ tsra le ŋkeke ɖeka dzi ene la o.


bena ne megava la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le mia gbɔ, eye mala konyi le ame geɖe, siwo wɔ nuvɔ̃ tsã, eye wometrɔ le woƒe dzi me le makɔmakɔnyenye kple ahasiwɔwɔ kple hadzedze, siwo wowɔ ŋuti o la ta.


Ke ahasiwɔwɔ kple makɔmakɔnyenye katã alo ŋukeklẽ la womagayɔ eŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, abe alesi wòdze ame kɔkɔewo ene,


Elabena mi amesiwo nye sidzelawo, mienyae bena, ahasiwɔla alo ame makɔmakɔ alo ŋuklẽla, si so kple trɔ̃subɔla la, domenyinyia ɖeke meli na wo dometɔa ɖeke le Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la me o.


Eyata miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ;


eye míenya esia bena, womena se ame dzɔdzɔe o, ke boŋ sedzidalawo kple tosẽlawo kple ame mavɔ̃mawuwo, kple nuvɔ̃wɔlawo kple ame makɔmakɔwo kple ahɔhlɔ̃bɔlawo kple tɔwulawo kple nɔwulawo kple amewulawo


Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.


Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.


Ke avũwo kple afakalawo kple matrewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple trɔ̃subɔlawo kpakple amesiame, si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woatsi agbo la godo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa