Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 12:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eyata miawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, mina miaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mi la ɖa, eye mina miatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Eya ta esi ɖaseɖilawo ƒe ha gã aɖe ƒo xlã mí ta la, mina míaɖe mɔxenu ɖe sia ɖe kple nu vɔ̃ si bla mí sesĩe la ɖa, eye mina míake duɖime si woɖo ɖi na mí la kple vevidodo.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 12:1
52 Mawu Ofanana  

Woawoe afia nu wò, woagblɔe na wò, eye woahe nyawo ado goe tso woƒe dziwo me be:


Wò sewo katã le ŋkunye me, eye nyemeɖe wò ɖoɖowo ɖa le gbɔnye o.


Amekawoe nye esiawo, siwo le ya ʋum abe alilikpo ene, eye abe ahɔnee yina ɖe eƒe xɔ gbɔ ene?


eye àho ɖe nye dukɔ Israel ŋu, anyẽ atsyɔ anyigba la abe alilikpo ene; ŋkekeawo ƒe nuwuwu wòava me; Gog, makplɔ wò aƒu nye anyigba, ne dukɔwo nadze sim, ne mekɔ ɖokuinye ŋu ɖe ŋutiwò le wo ŋku me!


Aho ava abe ahom ene, eye ava abe alilikpo ene, anyẽ atsyɔ anyigba la, mia kple wò aʋakɔ blibo la, eye dukɔ geɖewo akpe ɖe ŋuwò.


Eye wo katã woalé mi ɖe ke me le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ke ado dzi vevie vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.


Ke amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lãkpɔ ɖeɖe.


Ke esi wòɖe eƒe awu ƒu gbe la, etso hiã va Yesu gbɔ.


Eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le ŋukeklẽ ŋuti; elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.


elabena nɔvi atɔ̃ le asinye, bena wòaɖi ɖase na wo, bena woawo hã nagava fukpeƒe sia o.


Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o;


Nusi wòkpɔ kple nusi wòse la, eya ŋuti wòɖia ɖase lena, eye amea ɖeke mexɔa eƒe ɖaseɖiɖi la o.


Eye tso du ma me Samariatɔwo dome ame geɖe xɔ edzi se le nyɔnu, si ɖi ɖase bena: Egblɔ nusiwo katã mewɔ kpɔ la fiãm la, ƒe nya ŋuti.


Elabena Yesu ŋutɔ ɖi ɖase bena, nyagblɔɖila mekpɔa bubu le eya ŋutɔ de o.


Dzi nedzo mi le mɔkpɔkpɔ me, mido dzi le xaxa me, minɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi!


Amesiwo tsɔa dzidodo le dɔ nyui wɔwɔ me dia ŋutikɔkɔe kple bubu kple nu magblẽmagblẽ la, woana agbe mavɔ wo;


Azɔ la esi ŋugbedodo siawo le mía si la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mia ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.


Ke meyi le nyaɖeɖefiaa ɖe nu, eye metsɔ nyanyuie, si meɖea gbe ƒã le trɔ̃subɔlawo dome la, ɖo wo ŋku me, ke vevietɔ amesiwo wohuna be, wonye nane la ŋku me, bena nyemele du sim dzodzro alo mesi du dzodzro o.


Mieƒu du nyuie! Ameka xe mo na mi be, miagaɖo to nyateƒe la oa?


Eyaŋuti miɖe aʋatsokaka ɖi, eye amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi; elabena ŋutinuwo míenye na mía nɔewo.


elabena ʋiʋli ma ke, si miekpɔ le ŋunye, eye azɔ miesenɛ le ŋutinye la, le miawo hã mia si.


esi me mieléa agbenya la ɖe asi le hena nye adegbeƒoƒo le Kristo ƒe ŋkeke la dzi, bena nyemeƒu du dzodzro, eye nyemedze agbagba dzodzro hã o.


Amea ɖeke menɔa aʋa wɔm so gatsɔa eɖokui dea nuɖuɖudɔwɔwɔwo me o, bene wòadze amesi tsɔ aʋae la ŋu.


Ʋiʋli nyui lae meʋli; mewu nye mɔzɔzɔ la nu, melé xɔse la me ɖe asi.


Eye esi wòdo dzi gbɔ dzi ɖi blewu la, eƒe asi su ŋugbedodo la dzi.


esi mienyae bena, miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ wɔa dzidodo.


Eyata miɖe vɔ̃ɖinyenye katã kple aɖaŋu vɔ̃ katã kple alakpadada kple ŋuʋaʋã kple ameŋuzɔzɔ katã ɖa,


bena miaganɔ agbe na amewo ƒe nudzodzrowo le ɣeyiɣi, si susɔ be, mianɔ agbe le ŋutilã me la me o, ke boŋ hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.


Hamemegã, siwo le mia dome la, nye, amesi nye mia ha-ha-memegã kple Kristo ƒe fukpekpewo ɖaseɖila kple ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go la hã gomekpɔla la, mele nu xlɔ̃m mi be:


Meŋlɔ nya kpui sia ɖo ɖe mi to Silvano, amesi mebu nɔvi nuteƒewɔla la, si me hele nu xlɔ̃m, mi, eye mele ɖase ɖim bena, esiae nye Mawu ƒe amenuveve vavãtɔ. Minɔ tsitre sesĩe ɖe eme.


eye le sidzedze me la ɖokuidziɖuɖu, eye le ɖokuidziɖuɖu me la dzidodo, eye le dzidodo me la mawusosroɖa,


Nye Yohanes, mia nɔvi kple miaƒe hagomekpɔla le Yesu Kristo ƒe fukpekpe kple fiaɖuƒe kple dzidodo me la, menɔ ƒukpo, si woyɔna be Patmo la dzi le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta.


Ne amea ɖe de ame gaxɔ me la, woaɖe eya hã gaxɔ me: ne amea ɖe wu ame kple yi la, ele be, woawu eya hã kple yi. Afii ame kɔkɔewo ƒe dzidodo kple woƒe xɔse le.


Nye Yesu ye nye amesi dɔ nye mawudɔla lã, bene wòaɖi ɖase le nusiawo ŋuti na mi hena hameawo. Nyee nye Dawid ƒe ke kple eƒe ƒome, ŋukeɣletivi keklẽ la.


Le esi nèlé nye dzidonya me ɖe asi ŋuti la, eyata nye hã malé wò ɖe asi le tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge, be woate amesiwo nɔa anyigba dzi akpɔ la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa