Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 11:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Le xɔse me wònye amedzro le ŋugbedodonyigba dzi abe dzronyigba ene, eye eya kple Isak kpakple Yakob, amesiwo nye ŋugbedodo kema ke ƒe hadomenyilawo la, wonɔ agbadɔwo me;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 To xɔse me ewɔ nɔƒe ɖe ŋugbedodonyigba la dzi, eye wònɔ afi ma abe amedzro si le dzronyigba dzi la ene, elabena enɔ avɔgbadɔwo me. Nenema kee nye Isak kple Yakob ame siwo hã nye ŋugbedodo ma ke ƒe domenyilawo kplii.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 11:9
22 Mawu Ofanana  

Eye wòʋu tso afima yi ɖe to dzi le Betel ƒe ɣedzeƒe, eye wòtu eƒe agbadɔ ɖi; eɖe Betel ɖe ɣetoɖoƒe kple Ai ɖe ɣedzeƒe, eye wòɖi vɔsamlekpui na Yehowa heyɔ Yehowa ŋkɔ le afima.


Eye Abram le eƒe agbadɔ hom le tutum, le ŋgɔgbe yimii, eye wòva nɔ Mamre ƒe ati gã gbɔ le Xebron-nutowo me, eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.


Eye wòzɔ tso dziehe gome vaseɖe Betel, vaseɖe teƒe, si wòtu eƒe agbadɔ ɖo tsã, le Betel kple Ai dome,


Eye matsɔ Kanaan-nyigba blibo la katã, si dzi nènye amedzro le la, na wò, be wòanye wò ŋutɔ kple megbewòviwo tɔ tegbee, eye manye Mawu na wo.


Tete Abraham ƒu ɖu yi ɖe Sara gbɔ le agbadɔ me, eye wògblɔ nɛ bena: Wɔ kaba, ku wɔ memee asiʋlo etɔ̃a ɖe, nablui, eye natsɔe atɔ tatalii.


Eye wògblɔ nɛ bena: Afika srɔ̃wò Sara le? Eɖo ŋu bena: Ele agbadɔ me.


Ke Abraham nye amedzro le Filistitowo ƒe anyigba dzi eteƒe didi.


Amedzro menye le mia dome, mina ameɖiƒem, bena matsɔ nye ame kuku la aɖi ɖe afima!


Esi ɖeviawo va tsi la, Esau zu adela, eye wòlɔ̃a gbe me nɔnɔ; ke Yakob enye ame fafa, eye wòlɔ̃a agbadɔ me nɔnɔ.


Eye woatsɔ Abraham ƒe yayra ana mia kple wò dzidzimeviwo, bena nanyi anyigba, si Mawu tsɔ na Abraham, si dzi nènye amedzro le la dome.


Eye Laban va tu Yakob; eye Yakob tu eƒe agbadɔ ɖe to la dzi, ke Laban kple nɔviawo tu wo tɔ ɖe Gilead-to la dzi.


Eye Yakob va fofoa Isak gbɔ le Mamre le Kiryat-Arba, esia nye Xebron, afisi Abraham kple Isak wonye amedzrowo le.


Elabena woƒe kesinɔnuwo so gbɔ akpa, ale bena womate ŋu anɔ wo nɔewo gbɔ o; eye anyigba, si dzi wonye amedzro le la, mede wo nu o, le woƒe lãhawo ta.


Yakob ɖo ŋu na Farao bena: Ƒe, siwo katã metsɔ zɔ mɔe la, wonye ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃. Nye agbenɔƒewo mesɔ gbɔ o, eye mekpe hiã geɖe le wo me, eye mede tɔgbuinyewo ƒe ƒe, siwo wotsɔ zɔ mɔe la nu o.


Esime womede ha o, wole ʋee, eye wonye amedzro le edzi ko,


migatu xɔ o, migaƒã nuku o, eye migade weingble alo ɖe nanye mia to o; ke boŋ minɔ agbadɔwo me le miaƒe agbe me ŋkekewo katã me, ne mianɔ agbe eteƒe nadidi le anyigba, si dzi míenye amedzro le la dzi.


Eyata esi Mawu lɔ̃ be, yeaɖe yeƒe adaŋudede ƒe limaɖɔmaɖɔ afia ŋugbedodo ƒe domenyilawo kɔte wu la, etso nutàta heɖo kpe edzi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa