Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 11:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Le xɔse me wotsɔ Henox yii, bene magakpɔ ku o, eye womegakpɔe o; elabena Mawu tsɔe yii, elabena hafi woatsɔe ayii la, wodi ɖase nɛ bena, edze Mawu ŋu nyuie.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 To xɔse me wokɔ Enɔk dzoe tso agbe sia me, ale be meɖɔ ku kpɔ o, ale womegakpɔe o, elabena Mawu kɔe dzoe. Elabena hafi woakɔe dzoe la, wogblɔ tso eŋu be Mawu kpɔ ŋudzedze le eya amea ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 11:5
17 Mawu Ofanana  

Esime Yehowa le Eliya kɔ ge ato ahom me ayi dziƒoe la, Eliya kple Elisa wotso le Gilgal.


Esime wogale nu ƒom le yiyim la, kpɔ ɖa, dzotasiaɖam kple dzosɔwo va klã woa kple eve la dome, eye Eliya to ahom me yi dziƒo.


Aƒetɔ, ɖo ŋu, alesi nye agbe le kpuie kple alesi nèwɔ amegbetɔviwo katã dzodzroe!


Eye fia la de se na fiavi Yeraxmeel kple Seraya, Azriel vi, kpakple Selemya, Abdiel vi, be woaɖakplɔ agbalẽŋlɔla Barux kple nyagblɔɖila Yeremya vɛ; ke Yehowa tsɔ wo ɣla.


Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖee fiae bena, mele kuku ge, hafi akpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo o.


amesi nye Metusala vi, amesi nye Enox vi, amesi nye Yared vi, amesi nye Mahalaleel vi, amesi nye Kainan vi,


ke boŋ abe alesi Mawu kpo mí míedze bena, wòtso nyanyuie la de asi na mí ene la, nenema ke míegblɔnɛ; menye abe amesiwo dzea amewo ŋu ene o, ke boŋ abe amesiwo dzea Mawu, si dzroa míaƒe dziwo me kpɔna la ŋu ene.


Ke ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke fena va Mawu gbɔ ta, naxɔ ase be, Mawu li, eye wonye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.


Gake miekpɔ Yesu, amesi wòbɔbɔ ɖe anyi ɣeyiɣi kpuia ɖe wu mawudɔlawo la bena, le ku ƒe fukpekpe ta la wotsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ, bene wòaɖɔ ku akpɔ ɖe amesiame nu to Mawu ƒe amenuveve me.


eye nusianu, si míebiae la, míaxɔe atso esi me; elabena míeléa eƒe seawo me ɖe asi, eye miewɔa nusiwo dzea eŋu.


Ke Henox hã, amesi nye adrelia tso Adam dzi la, gblɔ nya ɖi ɖe ame mawo ŋuti bena: „Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la kple eƒe ame kɔkɔe akpe nanewo gbɔna,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa