Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 11:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 wotsi dzo ƒe ŋusẽ nu, wòsi le yi nu, wogazu sesĩe tso gbɔdzɔgbɔdzɔ me, wosẽ ŋu le aʋawɔwɔ me, eye wòsi futɔwo ƒe aʋakɔwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

34 tsi dzo ƒe aɖewo nu, eye wosi le yi nu, ame siwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ trɔ zu ŋusẽ, wozu kalẽtɔwo le aʋa me, eye woɖu dzronyigbadziʋakɔwo dzi.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 11:34
36 Mawu Ofanana  

Axab va to nusiwo katã Eliya wo kple alesi wòtsɔ yi wu nyagblɔɖilawo katãe la, na Izebel.


Tete wòvɔ̃, eye wòtso dze mo yi Beer-Seba, si nye Yuda to la, le eƒe agbe ta, eye wògblẽ eƒe ɖekakpui ɖe afima.


Eye nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo gblɔ na Elisa bena: Kpɔ ɖa, teƒe, si míele le gbɔwò la, xaxa na mí akpa.


Esi Elisa bɔbɔ nɔ eƒe me, eye ame tsitsiwo bɔbɔ nɔ egbɔ la, fia la ɖɔ ame ɖo ɖe eŋgɔ. Ke hafi ɖɔla la nava egbɔ la, egblɔ na ame tsitsiawo bena: Miele ekpɔm be, hlɔ̃mevi sia ɖɔ ɖo ɖa, be woatso ta le nunyea? Miɖo ŋku anyi, ne dɔla la va la, ekema mitutui kple ʋɔtru, eye mido nɔa! Ɖe menye eƒe aƒetɔ ƒe afɔzi le eyome gbɔna oa?


Eye Yehowa gaɖo Hiob tè, le esi wòde kuku ɖe xɔlɔ̃awo ta la ŋuti; eye Yehowa dzi nusiwo katã nɔ Hiob si tsã la, ɖe dzi zi gbɔ zi eve.


Le dɔŋɔli la aɖe wò tso ku me, eye le, aʋa me la aɖe wòtso yi nu.


Míaƒe luʋɔ le abe xevi, si le mɔtrela ƒe mɔ̃ka me la ene; mɔ̃ka la lã, eye míawo míesi.


wò, amesi na dziɖuɖu fiawo, eye nèɖe wò dɔla Dawid tso yi gblẽnu la nu.


Nuxaxa na nye ŋkuwo le ayi, nu te wo ŋu le nye ketɔwo katã ta.


Ena amegbetɔwo nɔ míaƒe ta me; míedze dzo kple tɔ me, ke nèɖe mí do go heyi ablɔɖe mee.


Evelia ƒe ŋkɔ nye Eliezer. Elabena fofonye ƒe Mawu la kpe de ŋunye, eye wòɖem tso Farao ƒe yi nu.


Ne èto to me la, meli kpli wò, eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o. Ne èto dzo me, mamè wò o, eye dzo ƒe adewo mafiã wò o.


Ke Axikam, Safan vi, kpe ɖe Yeremya ŋu, eye metsɔe de asi na dukɔ la, be wòawu o.


Eye wòadze yi nu, eye woaɖe wo aboyo ayi ɖe dukɔwo katã dome, eye trɔ̃subɔlawo latu afɔ Yerusalem dzi, halase esime woawu trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la nu.


Lɔlɔ̃tɔwo, migana fiafiã ƒe tetekpɔ, si va mia dzi hena mia dodokpɔ la, nawɔ yaa ɖe mi, abe nyaa ɖe ƒomevie va dzɔ ɖe mia dzi ene o;


Eye wòdza sobo kple ali na wo nyamanyama. Tete wòdzo yi ɖanɔ agato me le Elam.


Eye Saul da akplɔ la, be yeatɔ Dawid amimi ɖe gli ŋu; ke Dawid de axa zi eve.


Eye Saul di be, yeatɔ akplɔ Dawid amimi ɖe gli ŋu, ke ede axa na Saul, eye akplɔ la yi ɖatɔ gli. Eye Dawid si dzo le zã ma me.


Eye Dawid si tso Nayot le Rama heva ƒo nu kple Yonatan gblɔ bena: Nuka mewo, vo ka meda, eye nuvɔ̃ ka mewo ɖe fofowò ŋu, hafi wòle nye ku dim?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa