Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 11:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eyata tso ame ɖeka, si ƒe vidzidɔ ku la me, dzidzime va dzɔ sɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ƒe agbɔsɔsɔ ene, eye abe ƒutake, si womate ŋu axlẽ o la ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Ale to ame ɖeka sia dzi, ame si ŋu míate ŋu agblɔ le be megale ŋutsu me o la, dzidzime geɖe siwo sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli ŋu kple ƒutake ene la va dzɔ.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 11:12
22 Mawu Ofanana  

Eye wòkplɔe yi ɖe xexe gblɔ nɛ bena: Kpɔ dziƒo ɖa, eye naxlẽ ɣletiviwo, ne ate ŋu axlẽ wo la. Eye wògblɔ nɛ bena: Nenema wò ƒome anɔ.


eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee.


Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒo ɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã ana wò dzidzimeviwo, eye le wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le.


Meɖe kuku, ɖem tso nɔvinye si me, tso Esau si me; elabena mele evɔ̃m be, ava dze dzinye, eye wòaɖe zi dadawo kple viwo dome.


Ke nye aɖaŋu enye si: Na Israel blibo la nakpe la ɖe ŋuwò tso Dan vaseɖe Beer-Seba, abe alesi ƒutake sɔ gbɔe ene, eye wò ŋutɔ naho kpli wo!


Yuda kple Israel sɔ gbɔ abe ƒulake ene; woɖua nu, noa nu, eye wokpɔa dzidzɔ.


Ke Dawid mexlẽ amesiwo xɔ ƒe blave kple amesiwo mekpɔ xɔ nenema haɖe o la, ɖe eme o, elabena Yehowa do ŋugbe be, yeawɔ Israel wòasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.


Ena wo viwo sɔ gbɔ abe dziƒo ɣletiviwo ene, eye nèkplɔ wo va anyigba, si ŋu nègblɔ le na wo fofowo be, woayi adaxɔe wòanye wo lɔ la dzi.


Ɖo ŋku wò dɔla Abraham, Isak kple Israel dzi, amesiwo neka atam na, eye nègblɔ na wo bena: Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba blibo sia, si ŋugbe meɖo ta, ana miaƒe dzidzimeviwo, bena wòanye wo tɔ tegbee.


Elabena Israel, ne wò dukɔ le abe ƒutake ene hã la, ame mamleawo koe atrɔ ta me. Woɖo gbegblẽ, eye dzɔdzɔenyenye gbagba ɖi!


anye ne wò ƒome ano abe ke ene, eye wò dɔmeviwo abe kekui ene; eye womatsrɔ̃ wò ŋkɔ alo atutui ɖa le ŋkunye me o.


Alesi dziƒo ŋu nuwo mele xexlẽ me o, eye ƒutake mele dzidze me o la, nenema ke madzi nye dɔla Dawid kple nye subɔla Lewi-viwo ƒe ƒome ɖe dzii.


Wo katã wova ɖe ŋutasesẽ ŋu, wotso woƒe ŋkume tu ŋgɔ tẽ, eye weƒo aboyo mewo nu ƒu abe ke ene


Ke Yesaya do ɣli ɖe Israel ŋuti bena: „Ne Israel-viwo ƒe xexlẽme asɔ gbɔ abe ƒutake ene la, woaɖe amesiwo susɔ la;


Yehowa, mia Mawu, na, miedzi ɖe dzi, eye azɔ miesɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.


Eye miatrɔ zu ʋee, ɖe esi miasa gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene la teƒe, elabena meɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe o.


Tete woho kple woƒe aʋakɔwo katã kple sɔwo kpakple tasiaɖam geɖewo; wosɔ gbɔ abe ƒutake ene.


eye wòado go, be wòable dukɔ, siwo le anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, esiwo nye Gog kple Magog, be wòaƒo amesiwo ƒe xexlẽme nu le abe ƒutake ene la, nu ƒu hena aʋawɔwɔ.


Eye Midiantɔwo kple Amalekitɔwo kpakple ɣedzeƒeviwo ƒu asaɖa anyi ɖe bali la me kpaŋkpaŋ abe ʋetsuviwo ene, eye woƒe kposɔ naneawo sɔ gbɔ abe ƒutake ene.


Eye wògblɔ na wo bena: Yehowa kple eƒe amesiamina la wonye ɖasefo na mi egbe sia be, miekpɔ miaƒe naneke le asinye o. Woɖo ŋu bena: Eya nye ɖasefo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa