Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 10:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Elabena míenyae amesi gblɔ be: „Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Yehowa ye gblɔe;“ eye wògagblɔ be: „Yehowa adrɔ̃ nɔnu eƒe dukɔ la.“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

30 Elabena míenya ame si gblɔ be, “Hlɔ̃biabia la tɔnyee, maɖo eteƒe nɛ,” egagblɔ hã be, “Aƒetɔ la adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ la.”

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 10:30
18 Mawu Ofanana  

Elabena Yehowa atso na eƒe dukɔ, eye eƒe dɔme atrɔ ɖe eƒe dɔlawo ŋu.


Ele dzi me yɔ dziƒo kple anyigba ɖa, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ.


Mawu hlɔ̃biala, Yehowa, Mawu hlɔbiala, do!


le Yehowa ŋku me: elabena egbɔna, egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba; adrɔ̃ ʋɔnu xexeame ɖe dzɔdzɔenyenye nu kple dukɔwo ɖe eƒe nyateƒe nu.


le Yehowa ŋku me, elabena egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba! Aɖrɔ̃ ʋɔnu xexeame ɖe dzɔdzɔenyenye nu kple dukɔwo ɖe eteƒe.


Edo dzɔdzɔenyenye abe ga wu ene, eye wòɖɔ xɔname ƒe gakuku ɖe la; eta hlɔ̃biabia abe ava ene, eye wòda ŋuʋaʋã ɖe abɔ abe taɖedzi ene.


maɖe gbe ƒã Yehowa ƒe amenuveƒe kple mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la, ne mafa akɔ na konyifalawo katã;


Elabena meɖo nye hlɔ̃biagbe ɖe ta me, eye nye xɔname ƒe ƒe la ɖo?


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, madrɔ̃ ʋɔnu mia dome amesiame ɖe eƒe zɔzɔme nu. Miɖe asi le miaƒe dzidadawo katã ŋu, miɖe asi le wo ŋu, ne vodadawo maganye mɔ̃ na mi o!


Mi, nye lãhawo, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ kple alẽ dome, le agbo kple gbɔ̃tsu dome.


Megawɔ wɔɖenui o, eye megalé dɔmedzoe, si wò dukɔ me viwo do na wò la, ɖi o; ke boŋ nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Nyee nye Yehowa!


Mawu: ŋuʋãla kple hlɔ̃biala enye Yehowa; Yehowa biaa hlɔ̃, eye dzl kunɛ vevie; Yehowa biaa hlɔ̃ eƒe ketɔwo, eye wòléa nya ɖe dɔ me na eƒe futɔwo.


Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mo na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena; „Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.“


elabena Mawu ƒe subɔla wònye le wò nyonyo ŋuti. Ke ne èwɔ nu vɔ̃ɖi la, ŋɔ nadzi wò, elabena melé yi la ɖe asi dzodzro o, elabena Mawu ƒe subɔla kple amesi tsoa dziku biaa hlɔ̃ amesi le nu vɔ̃ɖi wotu la wònye.


Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.


Eyata nye aƒetɔ, mefa Yehowa ƒe agbe kple wò amea siaa, Yehowa nye amesi xe mɔ na wò, be nagaɖe hlɔ̃fe, eye natsɔ wò asi axa na ɖokuiwò o! Azɔ Nabal nenɔ abe nye aƒetɔ ƒe futɔ, siwo le eƒe gbegblẽ dim la ene!


Dawid gagblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne menye Yehowae awui, alo eƒe ŋkeke aɖe woaku, alo wòayi aʋa woawui o fi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa