Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 10:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Elabena ne miexɔ nyateƒe ƒe sidzedze la, hafi bua wɔ nuvɔ̃ la, vɔsasa ɖe nuvɔ̃wo ta megali o,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Ne míebua le nu vɔ̃ wɔwɔ dzi, esi míenya nyateƒe la vɔ megbe la, vɔsasa ɖe nu vɔ̃wo ta aɖeke megali o,

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 10:26
20 Mawu Ofanana  

Ne Israel-ha blibo la da ƒu, eye dukɔ la ƒe ŋku dzo le Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wowɔ nusi ŋu se le na wo,


Ƒo nu kple Israel-viwo be: Ne amea ɖe ɖe ŋu ɖi ɖa Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wòwɔ nusi ŋu se le na wo la.


Eye dɔla ma, si nya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu, eye medzrae do alo wɔ eƒe lɔlɔ̃nu o la, woaƒoe geɖe;


Ne mienyã nusiawo, eye miewɔ wo la, Woayra mi.


Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe míenye ŋkuagbãtɔwo la, ne nuvɔ̃ mele mia ŋu o; ke azɔ la miele gbɔgblɔm bena: Miele nu kpɔm; eyata miaƒe nuvɔ̃ la tsi anyi.


Ke ne amea ɖe sẽ to ɖe nunɔla, si le Yehowa, wò Mawu, subɔm le afima, kple ʋɔnudrɔ̃la ŋu, eye meɖo to wo o la, ekema woawu ame la; eye woaɖe vɔ̃ la ɖa le Israel dome,


kple madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble katã me le amesiwo le tsɔtsrɔm la dome; elabena womexɔ nyateƒe ƒe lolo, bene woaxɔ wo o.


nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.


amesi le didim be, woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.


Eyaŋuti la, amesi ke nya nu nyui wɔwɔ, eye mewɔnɛ o la, enye nuvɔ̃ nɛ.


Ne amea ɖe kpɔ nɔvia wɔ nuvɔ̃, si mahe ame ayi ku me o la, neɖe kuku, eye wòana agbe amesiwo mewɔ nuvɔ̃, si ahe ame ayi ku me o. Nuvɔ̃a ɖe li, si ahe ame ayi ku me; nyemegblɔ be, woaɖe kuku ɖe eya ta o.


Ne amegbetɔ da vo ɖe nɔvia amegbetɔ ŋu la, ekema ʋɔnudrɔ̃lawo tsoa eme; ke ne amegbetɔ da vo ɖe Yehowa ŋu la, ameka aɖe kuku ɖe eta? Ke womese wo fofo ƒe gbe o, elabena Yehowa ɖo be, yeawu wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa