Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 1:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Aƒetɔ, wòe ɖo anyigba gɔme anyi le gɔmedzedzea me, eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Egagblɔ be, “O Aƒetɔ, le gɔmedzedzea me la eɖo xexea me ƒe gɔmeɖokpe anyi, eye dziƒowo hã nye wò asinudɔwɔwɔ.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 1:10
17 Mawu Ofanana  

Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.


Dawid ƒe ha na henɔ la.


Esime wòɖo seƒe na atsiaƒu, ne magagbɔ eƒe sedede dzi eyi o, eye wòdo anyigba ƒe zɔ anyi la,


Ameka tsɔ asiʋlo dzidze tsii, eye wodzidze asi ɖe dziƒo ŋu? Ameka tsɔ nudonui do anyigba dzi kee, etso nudanu da to, eye wòda togbɛwo le nudagbɛ me?


Ale Mawu Yehowa, amesi wɔ dziƒowo, eye wòhe wo me, amesi keke anyigba kple eƒe numiemiewo ɖe nu, amesi na agbe dukɔ, si le eɖzi, kple gbɔgbɔ amesiwo zɔa edzi la, gblɔ esi:


Nye asie ɖo anyigba gome anyi, eye nye nuɖusie he dziƒo me; esi meyɔ wo la, wo katã wova tsi tre ɖi.


eye nèŋlɔ Yehowa, wɔwòla, amesi he dziƒo me, eye wòɖo anyigba gɔme anyi la be, eye nèle dzodzom nyanyanya gbawotsyogbe ɖaa le ameteɖeanyigba ƒe dziku ta, ne eɖo be, yeagblẽ wo? Afika ameteɖeanyila ƒe dziku le azɔ?


Mifɔ mo dzi ɖe dziƒo eye mide mo to ɖe anyigba; elabena dziƒo abu abe dzudzɔ ene, anyigba anyunyɔ abe avɔ ene, eye edzinɔlawo aku abe tagbatsuwo ene; ke nye xɔname anɔ anyi tegbee, eye nye dzɔdzɔenyenye nu matsi o.


Yehowa, megado dɔmedzoe akpa o, eye megaɖo ŋu vodada ɖaa o! Kpɔ ɖa, trɔ kɔ ɖe afi, wò dukɔ mí katã míenye!


Oo, Aƒetɔ Yehowa, ètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò alɔ, si le dzi la, wo dziƒo kple anyigba, naneke mekpe na wò akpa o,


Esia nye Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Israel ŋu; Ale Yehowa, amesi keke dziƒo me, amesi ɖo anyigba gɔme anyi, eye wòwɔ gbɔgbɔ de amegbetɔ me la, gblɔ esi;


eye megawu wò mo dzi akpɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kpakple dziƒonuwo, eye naɖu ɖokuiwò ade ta agu na wo ahayi wo subɔ ge o, elabena ɖe Yehowa, wò Mawu, tsɔ wona dukɔ, siwo katã le dziƒoa te la.


Ke „zi ɖeka“ sia, si wògblɔ la, fia nusiwo woʋuʋu la ɖeɖeɖa, abe nusiwo wowɔ, bena nusiwo womeʋuʋu o la, nanɔ anyi ene.


Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Laodikea la, ƒe dɔla bena: Amesi nye Amen, ɖaseɖila nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ, amesi nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la, gblɔ esiawo bena:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa