Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hagai 2:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Xɔ megbetɔ ƒe atsyɔ asu gbɔ wu gbãtɔ tɔ, Yehowa Zebaot ye gblɔe! Eye made ŋutifafa teƒe sia, Yehowa Zebaot ye gblɔe!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 ‘Gbedoxɔ yeye la ƒe atsyɔ̃ gbɔ gbedoxɔ xoxoa ƒe atsyɔ̃ ŋu sãa.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. ‘Eye le teƒe sia makɔ nye ŋutifafa ɖo.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”

Onani mutuwo Koperani




Hagai 2:9
20 Mawu Ofanana  

Kedar ƒe lãhawo katã aƒo ƒu ɖe ŋuwò, eye Nebayot ƒe agbowo asubɔ wò; woava nye vɔsamlekpui dzi, ne woadze ŋunye, eye mawɔ leke na nye atsyɔ̃xɔ la.


Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matrɔ ŋutifafa ɖe eŋu abe tɔsisi ene kple dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eŋu abe tɔʋu, si gba go ene, be miano no, woatsɔ mi ɖe axada me, eye woalé mi ɖe akɔ dzaa.


Tete gbɔgbɔ la kɔm ɖaɖa ɖe xɔxɔnu metɔ, eye kpɔ da, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ xɔ la taŋ.


Woatsɔ yi agblẽ Asur ƒe anyigba la, eye woadi yi agblẽ Nimrod ƒe anyigba la; woaɖe mi tso Asur si me, ne eva míaƒe anyigba dzi, eye wòbe, yeaɖo afɔ míaƒe llƒowo dzi la.


Miyi towo dzi miatsɔ atiwo vɛ, be miatu xɔ lae, ne wòadze ŋunye, eye bubu nanɔ ŋunye, Yehowa ye gblɔe.


Mia dometɔ susɔea, siwo kpɔ xɔ tsãtɔ ƒe atsyɔ̃ la, aleke miele esia kpɔmi? Esia meɖi naneke le mia ŋku me o ɖe!


Tete mefɔ kɔ dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ ŋutsua ɖe le dzidzeka ɖe asi.


Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.


Eye Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mia dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe abe Tenuvi, si wodzi tso Fofoa gbã la, ƒe ŋutikɔkɔe ene, eye amenuveve kple nyateƒe yɔe fũ.


Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; nye ŋutifafa tsɔm mele na mi; menye alesi xexeame nana la, nye la mele mia nam o. Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o, eye dzika hã nagatso mia ƒo o!


Nya, si wòdo ɖo ɖe Israel-viwo, eye wògblɔ ŋutifafanyanyuie la fia to Yesu Kristo dzi, amesi nye amewo katã ƒe Aƒetɔ.


Eye edze ƒã bena, gã enye mawusosroɖa ƒe nya ɣaɣla la: Mawu ɖe eɖokui fia le ŋutilã me, wotso afia nɛ le Gbɔgbɔ me, eɖe eɖokui fia mawudɔlawo, woɖe gbe ƒãe le trɔ̃subɔlawo dome, woxɔ edzi se le xexeame, woxɔe yi dzi le ŋutikɔkɔe me.


Nɔvinyewo, migatsɔ ame ŋkumekpɔkpɔ lé Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, tsi nye ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la, ƒe dzixɔse me ɖe asi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa