Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hagai 2:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Esusɔ vie ko maʋuʋu dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple ƒuƒuiƒe;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 “Esiae nye nya si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ, ‘Madidi o la, maʋuʋu dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple ƒuƒuiƒe siaa.

Onani mutuwo Koperani




Hagai 2:6
25 Mawu Ofanana  

Eʋuʋu anyigba le enɔƒe, ale be eƒe sɔtiwo na.


Esi meɖo xaxa me la, meyɔ Yehowa, eye medo ɣli na nye Mawu. Ese nye gbe le eƒe gbedoxɔ me, eye nye ɣlidodo de egbɔ ge ɖe eƒe to me.


Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eleƒe la, màgakpɔe o.


Elabena ekpɔtɔ vie ko dziku la nu natso, eye nye dɔmedzoe natrɔ ɖe wo ŋu, ne woatsrɔ̃ wo.


Eyata matsɔ Yehowa Zebaot ƒe dzikudodo kple eƒe dɔmedzoedogbe ana dziƒo nadzo kpekpekpe, eye anyigba naʋuʋu le enɔƒe.


Eye wòayi kpetowo kple anyigba dzi dowo me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ nu, ne etso, be yeado ŋɔdzi na anyigba.


De mekpɔtɔ vie ko, ne Libanon nazu atibɔ, eye woabu atibɔ de avewo me oa?


Dziƒo ŋu nuwo katã nu ayi, woaŋlɔ dziƒowo, abe alesi woŋlɔa agbalẽe ene, eye eŋu nuwo katã alé akpɔ̃, abe alesi aŋgba yrɔna le weinka ŋu kple alesi gboti ƒe aŋgba yrɔnae ene.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mawo nya nyui, si megblɔ ɖe Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe ŋu la dzi.


Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Babel-nyɔnuvi le abe lugbɔƒe le ɣeyiɣi, si me woƒoa eme dana ɖi la ene; esusɔ vie ko, ne nuŋeɣi naɖo nɛ.


Nye ŋuʋaʋã kple nye dziku ƒe dzo mee meƒo nu le be, ɣemaɣi la anyigbaʋuʋu gãa ɖe le Israel-nyigba dzi nɔ ge.


Ƒumelãwo kple dziƒoxewo, gbemelãwo kple nutata, siwo katã tana le anyigba dzi, kpakple amegbetɔ, siwo katã le anyigba dzi la, adzo kpekpekpe le ŋkunye me, towo aŋe adze eme, agakpewo amũ, eye gliwo katã amũ adze anyi.


Eye mana nukunuwo nado ɖe dziƒo ŋu, eye dzesiwo nado ɖe anyigba dzi, ʋu kple dzo kple dzudzɔbabla kɔtɔɔ.


„Elabena esusɔ ʋee ko, tete amesi gbɔna la, nava, eye mahe ɖe megbe o;


Eye dukɔwo ƒe ƒomeawo kple gbegbɔgblɔwo kpakple trɔ̃subɔlawo dometɔa ɖewo lakpɔ woƒe ŋutilã kukuawo ŋkeke etɔ̃ kple afã, eye womaɖe mɔ be, woaɖi woƒe ŋutilã kukuawo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa