Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hagai 1:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Miele nu geɖe sinu kpɔm, gake mesɔ gbɔ o; miehe nu va aƒee, ke meɖo ƒuƒu ɖee. Yehowa be: Nuka tae ma? Le esi nye xɔ nye glikpo li, ke miawo mia dome amesiame le duɖime kem le eƒe xɔtutu me la tae!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 “Miele mɔ kpɔm na nu geɖe, ke nu ʋɛ aɖe ko miekpɔ, eye ne mietsɔe va aƒe mee la, meɖoa ƒuƒu ɖee, eye metɔna ɖe mia si o. Nu ka tae?” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Elabena nye gbedoxɔ ganye gli gbagbã li ko, ke mia dome ame sia ame le ʋiʋlim be miatso aƒe nyuiwo na mia ɖokuiwo.

Onani mutuwo Koperani




Hagai 1:9
25 Mawu Ofanana  

Eye do to le Dawid ŋɔli ƒe etɔ̃ sɔŋ Ira ɖe enu; eye Dawid do gbe ɖa na Yehowa. Tete Yehowa gblɔ bena: Saul kple eƒe aƒe la ɖe hlɔ̃fe, elabena ewu Gibeontɔwo.


Tete atsiaƒu gɔme dze, eye anyigba ƒe anyinɔwo tsi go to Yehowa ƒe ŋɔdzidodo kple eƒe ŋɔti me gbɔgbɔ me.


Kpɔ ɖa, made gbɔgbɔa ɖe eme, eye wòase nyaa ɖe ahagbugbɔ avi eƒe anyigba dzi, eye mana woatsi yi nu le eƒe anyigba dzi.


Megblɔ na Mawu be: Megabu fam o; na manya nusi la nele avu wɔm kplim ɖo!


Amea ɖewo na nu geɖe, ke wokpɔa ho ɖe edzi; amea ɖewo vea nu le nusi dze be, woawɔ la gbɔ, ke ahe ko wodana.


Tsieƒe kple aʋli me maɖi ƒo akpɔ o; nenema amegbetɔ ƒe ŋku hã maɖi ƒoe o.


Nuwo kalã le agbagbadzedze dzi, emegbelɔ mele ŋu aƒo nu le wo ŋu avɔe o; nukpɔkpɔ meɖia ƒo na ŋku o, eye nusese meyɔa to o.


Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, elabena Yehowa ƒe gbɔgbɔ gbɔ ɖee. Nyateƒe, gbe enye dukɔ la!


Elabena Weingble, si nyi eveve teƒe ewo aŋlɔ gbe ɖeka la, anye bat ɖeka, eye nuku gomer ɖeka anye eta ɖeka.


Woƒã lu, ke ŋu woaxa, woku kutri, ke viɖe manɔ eme na wo o; ale ŋu akpe mi ɖe miaƒe agblemenuwo ŋu le Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli la ta.


ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Woaɖe tablanu da, eye woade fiakuku ɖi. Maganɔ alea o, ke boŋ woado ame tsɛ ɖe dzi, eye woabɔbɔ amegã ɖe anyi.


Ke le ƒe atɔ̃lia me miekpɔ mɔ aɖu woƒe tsetsewo, bena woatse ɖe dzi na mi geɖe. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Azã de na miawo ya, be mianɔ xɔ, siwo me wofa ʋuƒo ɖo la me, eye xɔ sia ya nanye glikpo anɔ anyia?


Mieƒã nu taŋtaŋ, gake nu ʋeea ɖe ko mieŋe; miedu nu, meɖi ƒo na mi o; mieno nu, meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ, mede dzo lã me na mi o; miewɔ dɔ xɔ fetu, eye mietsɔe de kotoku ŋɔŋɔ me.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne miegbe toɖoɖo, eye nya mede dzi gbɔ na mi o la, ekema maɖo fiƒode ɖa ɖe mia ŋu, eye matrɔ miaƒe yayra wòazu fiƒode; meƒo fi dee xoxo, elabena nya mede dzi gbɔ na mi o.


Àƒã nuku geɖe ɖe agble me, ke ʋeea ɖe ko naŋe, elabena ʋetsuviwo aɖui avɔ.


Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, nègblẽ wò gbã lɔlɔ̃ la ɖi.


Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na; eyata ɖo vevie, be natrɔ le wò dzi me?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa