Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hagai 1:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Mieƒã nu taŋtaŋ, gake nu ʋeea ɖe ko mieŋe; miedu nu, meɖi ƒo na mi o; mieno nu, meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ, mede dzo lã me na mi o; miewɔ dɔ xɔ fetu, eye mietsɔe de kotoku ŋɔŋɔ me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Mieƒãa nuku taŋtaŋ gake nuku ʋɛ aɖewo ko mieŋena. Mieɖua nu gake meɖia ƒo na mi o. Mienoa nu gake meɖia kɔ na mi o, mietaa avɔ gake medea dzo lãme na mi o. Miexɔa fetu ke ɖeko mietsɔnɛ dea kotoku ŋɔŋɔ me.”

Onani mutuwo Koperani




Hagai 1:6
31 Mawu Ofanana  

Eye do to le Dawid ŋɔli ƒe etɔ̃ sɔŋ Ira ɖe enu; eye Dawid do gbe ɖa na Yehowa. Tete Yehowa gblɔ bena: Saul kple eƒe aƒe la ɖe hlɔ̃fe, elabena ewu Gibeontɔwo.


Eɖo ŋu bena: Meta Yehowa, wò Mawu ƒe agbe: Ne aboloa ɖe le asinye fĩ! Negbe wɔ asiʋlo ɖeka koe le ze me kple ami via ɖe le goe me, eye kpɔ ɖa, meva nake wuwlui fɔ ge, be mayi aɖaɖae, ne mía kple vinyeŋutsu miaɖu, hafi míaku.


Amea ɖewo gblɔ be: Mía viŋuisuwo kple mía vinyɔnuwo sɔ gbɔ, ele na mi be, míaƒle bli aɖu, ne míatsi agbe!


Ne nu bɔ ɖe esi kpaŋ la, ŋɔdzi alée be, hiãtɔwo ƒe asiwo katã le ye dzi va ge.


Wòalɔ eƒe me gblemenuwo adzoe, eye wòado dzodzo yayaya le Mawu ƒe dɔmedzoe ŋkeke la dzi.


anyigba wɔnu zu dzeƒee le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.


Amea ɖewo na nu geɖe, ke wokpɔa ho ɖe edzi; amea ɖewo vea nu le nusi dze be, woawɔ la gbɔ, ke ahe ko wodana.


Elabena Weingble, si nyi eveve teƒe ewo aŋlɔ gbe ɖeka la, anye bat ɖeka, eye nuku gomer ɖeka anye eta ɖeka.


Woƒã lu, ke ŋu woaxa, woku kutri, ke viɖe manɔ eme na wo o; ale ŋu akpe mi ɖe miaƒe agblemenuwo ŋu le Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli la ta.


Ŋukpe léa agbledelawo, eye wotsyɔa nu ta, elabena agbleawo gblẽ, le esi tsi megadza ɖe anyigba dzi o la.


Ke esi míedzudzɔ dzudzɔdodo na dziƒo fianyɔnu kple tsi ƒoƒoɖeanyi nɛ la, nusianu ƒe hiã tu mí, eye yi kple dɔwuame tsrɔ̃ mí.


Ne woɖu nu la, maɖi ƒo na wo o, eye ne wowɔ ahasi la, womadzi ɖe edzi o, elabena wodzudzɔ ŋkuléle ɖe Yehowa ŋu.


Elabena yae woƒã, eye ahom woaxa, vvoƒe nukuwo mamie o; ahɔ̃liti matse ku o, ne eme hã la, ame tutɔwo aɖui.


Yakatsyɔ miawo do, ŋusẽ nava le mia ŋu, elabena anyigba mawɔ nu o, eye agblemetiwo matse ku o.


Magblẽ abolo, si nye miaƒe agbe la dome, eye nyɔnu ewo aƒo abolo de kpo ɖeka me, eye woaxlẽ abolo de do nu na mi, eye miaɖui maɖi ƒo na mi o.


Eyata ɖziƒo te zãmu mi, eye anyigba, te agblemenu mi ɖo;


Eyata ale. Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milé ŋku ɖe miaƒe zɔzɔme ŋu:


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milé ŋku ɖe mia ƒe zɔzɔme ŋu!


Miele nu geɖe sinu kpɔm, gake mesɔ gbɔ o; miehe nu va aƒee, ke meɖo ƒuƒu ɖee. Yehowa be: Nuka tae ma? Le esi nye xɔ nye glikpo li, ke miawo mia dome amesiame le duɖime kem le eƒe xɔtutu me la tae!


Ɣemaɣi la wova lu bablakɔa ɖe, si anye nudotree blave la gbɔ, ke wo ame ewo ko wònɔ; wova weinfiãƒe, be woaku goe blaatɔ̃, gake wo ame blave ko wònɔ.


Mehe to na mi ɖe miaƒe asinudɔwɔwɔwo katã ŋu, ale be miaƒe bliwo hlɔ̃, eye wodze heteku, eye dzikpewo dza; gake miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Nyee ɖoe ɖa, be wòayi fiafitɔ kple atam dzodzro kala ƒe me le nye ŋkɔ me, eye wòatsi eƒe xɔ me afiã eƒe xɔtlwo kple kpewo.


Hafi ŋkeke siawo naɖo la, fetu menɔ anyi na amegbetɔwo kple lãwo o; amesi do alo va eme la ŋu mefa o, le futɔ ta, eye meɖe adã ta me na amegbetɔwo katã ɖe wo nɔewo ŋu.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne miegbe toɖoɖo, eye nya mede dzi gbɔ na mi o la, ekema maɖo fiƒode ɖa ɖe mia ŋu, eye matrɔ miaƒe yayra wòazu fiƒode; meƒo fi dee xoxo, elabena nya mede dzi gbɔ na mi o.


Aɖi wò kusi kple wò amɔwɔze ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa