Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hagai 1:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Azã de na miawo ya, be mianɔ xɔ, siwo me wofa ʋuƒo ɖo la me, eye xɔ sia ya nanye glikpo anɔ anyia?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 “Ɖe ɣeyiɣi de be miawo ya mianɔ aƒe nyuiwo me esi nye gbedoxɔ ƒe glikpowo gale nenema koa?”

Onani mutuwo Koperani




Hagai 1:4
25 Mawu Ofanana  

fia la gblɔ na nyagblɔɖila Natan bena: Kpɔ ɖa, nyea mele sedertixɔ me, ke Mawu ƒe aɖaka la le kuntruwo te.


Eye wògblɔ nɛ bena: Nye dzi de kpli wò tso, esime ŋutsua ɖe tre heɖi go le eƒe tasiaɖam me va kpe wò. Alo klosalo kple awuwo, amitiwo kple weingblewo, alẽwo kple nyiwo, dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo xɔɣienye esia?


Atso àkpɔ nublanui na Zion, elabena enuveɣi ɖo, eye azãgbe la de.


Wotɔ dzo wò kɔkɔeƒe la, wogblẽ kɔ ɖo na wò ŋkɔ ƒe nɔƒe la vaseɖe anyigba ke,


amewuɣi li, eye gbeɖaɣi li; xɔgbãɣi li, eye etuɣi li;


eya amesi gblɔna be: Matu xɔ gãwo kple dziƒoxɔ kekewo, made fesrewo wo nu, maklã sederʋuƒowo ɖe wo me, eve masi aŋɔ dze na wo!


Mixa, Morasitɔ la, gblɔ, nya ɖi le Yuda-fia Xizkiya ŋɔli, eye wògblɔ na Yuda-dukɔ blibo lã bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu anyiglãgo, eye gbedoxɔ ƒe togbɛ la azu togbɛ toave.


ekema mawɔ aƒe sia abe Silo ene, eye matsɔ du sia awɔ ɖiŋudonu na anyigba dzi dukɔwo katã.


Ale Yehowa gblɔ esi: Teƒe sia, si ŋu miele gbɔgblɔm le be, ezu aƒedo, amegbetɔwo kple lãwo megali o, Yuda-duwo kple Yerusalem-kpɔdomeewo tsi ƒuƒlu, eye amegbetɔwo kple lãwo megali o la,


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Teƒe sia kple eƒe duwo katã, siwo zu aƒedo, eye amegbetɔwo kple lãwo vɔ li la, aganye lãnyiƒe na lãkplɔviwo, eye lãhawo atsyɔ ake ɖi;


eye wòtɔ dzo Yehowa ƒe aƒe kple fia ƒe aƒe, Yerusalem-xɔwo katã kple bubumewo ƒe xɔwo katã.


Yehowa gbe eƒe vɔsamlekpui, eɖi gbɔ eƒe kɔkɔeƒe la, eye wòtsɔ eƒe fiasãwo ƒe gliwo ɖe asi na futɔ la; woƒe ɣli le ɖiɖim le Yehowa ƒe me abe le ŋkekenyuieɖugbe ene.


Aleke sika nya tsiɖitsiɖi, eye sika nyui ƒe nɔnɔme trɔ? Aleke wolɔ kpe kókɔewo kɔ ɖe kpɔɖomee ƒe dzogoewo katã dzi?


Gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, magblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe la, miaƒe sitsoƒe, si nye miaƒe aɖegbeƒonu, nusi vivia miaƒe ŋkuwo nu kple nusi nye miaƒe luʋɔwo ƒe didi; miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo, siwo miegblẽ ɖe megbe la, atsi yi nu.


Ke le ƒe atɔ̃lia me miekpɔ mɔ aɖu woƒe tsetsewo, bena woatse ɖe dzi na mi geɖe. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Eyata le mia ta woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo, eye gbedoxɔ ƒe to azu togbɛ toave.


Eye Yehowa ƒe gbe va to nyagblɔɖila Xagai dzi bena:


Eyata ale. Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milé ŋku ɖe miaƒe zɔzɔme ŋu:


Miele nu geɖe sinu kpɔm, gake mesɔ gbɔ o; miehe nu va aƒee, ke meɖo ƒuƒu ɖee. Yehowa be: Nuka tae ma? Le esi nye xɔ nye glikpo li, ke miawo mia dome amesiame le duɖime kem le eƒe xɔtutu me la tae!


Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.


elabena wo kalẽ la woa ŋutɔwo tɔ dim wole, eye menye nusi nye Yesu Kristo tɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa