3 Eye Yehowa ƒe gbe va to nyagblɔɖila Xagai dzi bena:
3 Tete Yehowa ƒe gbe va to Nyagblɔɖila Hagai dzi be,
Eye nyagblɔɖila Xagai kple Zaxarya, Ido vi, gblɔ nya ɖi na Yuɖatɔ, siwo le Yuda kple Yerusalem, le Israel ƒe Mawu, si le wo nu la ƒe ŋkɔ me.
Le fia Dario ƒe ƒe evelia me? le dzinu adelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la Yehowa ƒe gbe va na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, to nyagblɔɖila Xagai dzi bena:
Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Amesiawo le gbɔgblɔm be: Azã meɖo edzi, be woatu Yehowa ƒe xɔ haɖe o.
Azã de na miawo ya, be mianɔ xɔ, siwo me wofa ʋuƒo ɖo la me, eye xɔ sia ya nanye glikpo anɔ anyia?
Le Dario ƒe ƒe evelia me, le dzinu enyilia dzi la Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zaxarya, Iɖo vi Berexya ƒe vi, bena: