Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hagai 1:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Tete Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, kpakple dukɔ la ƒe susɔeawo katã wose Yehowa, woƒe Mawu ƒe gbe kple nyagblɔɖila Xagai ƒe nya, siwo Yehowa, woƒe Mawu la, de asi nɛ ɖo ɖe wo; eye dukɔ la vɔ̃ Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Tete Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, Yosua, Yehozadak ƒe vi, nunɔlagã kple ame mamlɛawo katã ɖo to Nyagblɔɖila Hagai ƒe gbedeasi si wòxɔ tso Yehowa, woƒe Mawu la gbɔ elabena woxɔe se be Yehowa, woƒe Mawu lae dɔe eya ta ameawo vɔ̃ Yehowa eye wosubɔe.

Onani mutuwo Koperani




Hagai 1:12
19 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ bena: Megaka asi ɖevi la ŋu o, eye megawɔ nanekee o! Menyae azɔ bena, èvɔ̃a Mawu, elabena mete wò tenuvi lam o.


Nunɔlãwo ƒe vi, siwo ɖe nyɔnu tutɔwo, wokpɔ le Yozadak vi, Yesua ƒe viwo kple nɔviawo dome la, wonye Maaseya. Eliezer, Yarib kple Gedalya,


Ɣemaɣi Zeruhabel, Sealtiel vi, kple Yesua, Yozadak vi, wotso hede asi Mawu ƒe xɔ la tutu me le Yerusalem, eye Mawu ƒe nyagblɔɖilawo le wo ŋu hedo alɔ na wo.


Mikafu Yehowa! Woayra ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ le eƒe seawo ŋu vevie.


Yehowa-vɔvɔ̃ enye sidzedze ƒe gɔmetoto; ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.


Mina míase nyaawo kalã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔtvo katã tɔ!


Ne mielɔ̃, eye mieɖo to la, ekema miaɖu anyigba ƒe nu nyuitɔ.


Mia dometɔ, si vɔ̃a Yehowa la, neɖo to eƒe dɔla ƒe gbe; amesi le viviti me zɔm, eye kekelia ɖeke meklẽna nɛ o lã, neɖo dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, eye wòaziɔ ɖe eƒe Mawu ŋu.


Le fia Dario ƒe ƒe evelia me? le dzinu adelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la Yehowa ƒe gbe va na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, to nyagblɔɖila Xagai dzi bena:


Tete Yehowa de dzo lã me na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, kpakple dukɔ ƒe susɔeawo katã, be wova hewɔ dɔ le Yehowa Zebaot, woƒe Mawu la ƒe xɔ la ŋu,


Gblɔ na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, kpakple dukɔ la ƒe susɔea bena:


Azɔ hame, si le Yudea kple Galilea kple Samaria katã la, kpɔ tomefafa, eye wotu wo ɖokui, eye wole zɔzɔm le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me; eye wosɔ gbɔ to Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe akɔfafa me.


Ƒo dukɔ la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro, siwo le wò duwo me la nu ƒu, ne woasee, eye woasrɔ̃e, woavɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye woalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi.


Eye wo vi, siwo mele naneke nyam haɖe o la, nasee, ne wòanya, alesi woavɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, ŋkeke alesi miele agbe le anyigba, si dzi mietsɔ Yordan le yiyim, be míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi.


esi va mia gbɔ, abe alesi wòle xexe blibo la katã hã me ene, eye wòtsea ku, eye wotsina, abe alesi wòle le miawo hã mia dome tso ŋkeke ma, si dzi miese, eye miedze si Mawu ƒe amenuveve le nyateƒe me la ene,


Eyata esi míexɔ fiaɖuƒe, si meʋuʋuna o la, mina míada akpedada, si me miato asubɔ Mawu wòadze eŋu, hekpe ɖe mawusosroɖa kple evovo ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa