Eye Eliya, Tisbitɔ, si tso Gilead ƒe amedzrowo dome, gblɔ na Axab bena: Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi ŋku me mele tsitre ɖo la ƒe agbe. Zãmu kple tsi madza le ƒe siawo me o, negbe nye koe agblɔe hafi!
Ne dziƒo nu xe, eye tsi megale dzadzam o, le esi wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò ta, eye wodo gbe ɖa le teƒe sia heʋu wò ŋkɔ me, eye woɖe asi le woƒe nuvɔ̃wo ŋu, le esi nèbɔbɔ wo ɖe anyi ta la,
Ati eƒe ahiãviwo yome, ke eƒe asi matu wo o; adi wo, ke makpɔ wo o; eye wòagblɔ be: Matso agbugbɔ yi srɔ̃nye tsãtɔ gbɔ, elabena eme nyo nam tsã wu fifia.
Mieƒã nu taŋtaŋ, gake nu ʋeea ɖe ko mieŋe; miedu nu, meɖi ƒo na mi o; mieno nu, meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ, mede dzo lã me na mi o; miewɔ dɔ xɔ fetu, eye mietsɔe de kotoku ŋɔŋɔ me.