Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Habakuk 1:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nukaŋuti nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm, eye nèle hiãkame kpɔm kple ŋku, gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me, avuwɔwɔ li, eye dzre dzɔ?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Nu ka ta nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm? Nu ka wɔ nèɖe mɔ na nu gbegblẽ wɔwɔ? Elabena gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me eye avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ ƒo xlãm.

Onani mutuwo Koperani




Habakuk 1:3
16 Mawu Ofanana  

Eye megade ŋku de ameteteɖeanyi, siwo katã dzɔna le ɣea te la, eye kpa da, amesiwo woto de anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfalaa ɖeke meli na wo o; amesiwo te wo de anyi la, se ŋuta le wo ŋu, ke akɔfalaa ɖeke meli na wo o.


Le afiawo katã la anyigba ƒe viɖe wònye, ne fia tsa agbledede ɖo ɖɔe.


Miɖo tom, mi tamesẽlawo, mi amesiwo le adzɔge na dzɔdzɔenyenye.


Elabena Israel ƒe aƒe lae nye Yehowa Zebaot ƒe weingble, eye Yuda ŋutsuwo nye eƒe dzidzɔkpɔkpɔ ƒe nudodowo: ekpɔ mɔ na afiatsotso, ke ʋukɔkɔɖie li; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifafae li.


Danye, baba nam be, nèdzi nye, amesi ŋu xexeame blibo la le avu kple dzre wɔm ɖo! Nyemedo nugbana o, eye amea ɖeke medo agbana nam o tso, hafi wo katã wole ɖiŋu dom nam.


Elabena ne mebe, maƒo nu ɣesiaɣi la, ele be, manɔ ɣli dom, eye manɔ boblo dom nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kple ŋutasesẽ; elabena Yehowa ƒe nya zu dzu kple vlododo nam ŋkeke blibo la.


Ke wò amevi, nenye be, nèle dza kple aŋɔkawo gbɔ, eye nètso aƒe ɖe dziɖegbewo gbɔ hã la, megavɔ̃ wo o, eye megavɔ̃ woƒe nyawo o! Megavɔ̃ woƒe nyawo o, eye woƒe mo megatso dzika ƒo na wò o, elabena ƒome sẽto wonye;


Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.


elabena esi ame dzɔdzɔe ma nɔ wo dome, eye wòkpɔ, eye wòse woƒe dɔwɔwɔ, siwo mele sea nu o la, ewɔa fu eƒe luʋɔ dzɔdzɔe la gbesiagbe; —


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa