Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Galatiatɔwo 6:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Mitso mia nɔewo ƒe agbawo, eye ale míawu Kristo ƒe se la nu keŋ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Mitsɔ mia nɔewo ƒe agbawo, eye le esia wɔwɔ me la, miawu Kristo ƒe se la nu.

Onani mutuwo Koperani




Galatiatɔwo 6:2
25 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ bena: Ne Aramtɔwo sesẽ wum la, ekema nava xɔ nam, eye ne Amon-viwo sesẽ wu wò la, ekema mava xɔ na wò!


Ne agba nɔ wò futɔ ƒe tedzi dzi nèkpɔ la, megato eŋu yi o; ke boŋ kpe ɖe eŋu, ne miatui le edzi.


Ɖe menye esia nye nutsitsidɔ, si melɔ̃na la oa be, woaɖe ga madzɔmadzɔwo, woatu kɔkuti ƒe kawo, woana ablɔɖe amesiwo wote ɖe anyi, eye míaŋe kɔkutiwo katã,


bena woawu nya, si wogblɔ ɖi to Yesaya, nyagblɔɖila dzi la nu bena: „Eya ŋutɔ tsɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple dɔlélewo ɖo eɖokui dzi.“


Eye wògblɔ bena: Baba na mi sefialawo hã! Elabena mietsɔa agba kpekpe, siwo wu tsɔtsɔ la, ɖoa amewo dzi, eye mia ŋutɔwo la mietsɔa miaƒe asibide ɖeka ka agbawo ŋu o.


Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke.


Esia nye nye se la bena, mialã mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene.


Ke ele na mi, amesiwo ŋu ŋusẽ le la bena, miatsɔ amesiwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye míagadze mía ɖokui ŋu o.


Elabena Gbɔgbɔ, si nye agbe, si le Kristo Yesu me la, ƒe se la xam tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si.


mezu abe semanɔsitɔ ene hena semanɔsitɔwo, gake la nyemenye semanɔsitɔ na Mawu o, ke mele Kristo ƒe se la me boŋ, bene asinye nasu semanɔsitɔwo dzi.


Elabena amesiame atsa ye ŋutɔ ƒe agba.


Aleke nye ɖeka mate ŋu atso miaƒe fuɖenamewo, miaƒe agba kple miaƒe dzrewɔwɔwo?


Ke míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo: Migbe nya na nu baɖa wɔlawo, mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, migbɔ dzi ɖi na amewo katã.


Ke amesi kpɔ se blibo, si nye ablɔɖese la me, eye wònɔ edzi la, eya menye nyasela, si ŋlɔa nu be o, ke boŋ dɔ ƒe wɔla, eye woayra eyama le eƒe nuwɔwɔ me.


Miƒo nu ale, eye miwɔ nu ale, abe amesiwo woatsɔ ablɔɖese la adrɔ̃ ʋɔnui ene.


Ne miewu fiasedede la nu le ŋɔŋlɔ la nu be: „Nalɔ̃ hawòvi, abe alesi nèlɔa ɖokuiwò ene la,“ ekema miewɔe nyuie.


Amesi tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ɖa ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe atitsoga ŋu, bene mí amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye; amesi ƒe kabiwo yɔ dɔ mi la.


Elabena ɖe womedze si dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ o la, ne enyo na wo wu esi wodze sii, eye gake wogagbugbɔ tso sedede kɔkɔe, si wode asi na wo la gbɔ.


bene miaɖo ŋku nya, siwo nyagblɔɖila kɔkɔeawo gblɔ ɖi tsã la, kple Aƒetɔ kple xɔla ƒe se, si wòde to miaƒe apostolowo dzi la dzi.


Eye miexɔ se sia tso egbɔ bena, amesi ke lɔ̃a Mawu la, nelɔ̃ nɔvia hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa