Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Galatiatɔwo 6:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Tso esia dzi la amea ɖeke megaɖe tu nam o; elabena nye la Yesu ƒe abidzesiwo le nye ŋutilã ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Tso azɔ dzi la, ame aɖeke megaɖe fu nam le nu siawo ŋuti o, elabena Yesu ƒe abidzesiwo le nye ŋutilã ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Galatiatɔwo 6:17
14 Mawu Ofanana  

Amesi agblɔ be, Yehowa tɔ ye nye, ame keme atsɔ Yakob ƒe ŋkɔ na eɖokui, eye ame bubu aŋlɔ Yehowa ɖe eƒe asi ŋu, eye wòaƒo Israel ŋkɔ ɖo na eɖokui.


Eye Yehowa gblɔ ne bena: Yi naɖatsa le Yerusalem dua me, eye made dzesi ŋgonu na amesiwo le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm le eme ŋuti la.


Elabena esi miese be, amea ɖewo tso mia dome va blu miaƒe tame kple nyawo, eye wonyama miaƒe luʋɔwo gblɔ bena, woatso aʋa na mi, eye mialé se la me ɖe asi, evɔ miede sea ɖeke na wo o la;


elabena alesi Kristo ƒe fukpekpewo so gbɔ ŋutɔ va mía dzi la, nenema ke miekpɔa akɔfafa hã sɔ gbɔ ŋutɔ to Kristo dzi.


Ɖaasi míetsɔa Yesu ƒe ku de mía ŋutilã ŋu nɔa tsatsami, bene Yesu ƒe agbe hã nado ɖe mía ŋutilã ŋu.


wònye nyanyuie bubua ɖeke meli o, negbe bena amea ɖewo li, siwo blu miaƒe tame, eye wole didim be, yewoadze ŋe Kristo ƒe nyanyuie la.


bene madze si eyama kple eƒe tsitretsitsi ƒe ŋusẽ kple eƒe fukpekpewo ƒe hadede, eye masɔ kplii le eƒe ku me,


Azɔ la mekpɔa dzidzɔ le fu, siwo mekpena le mia ta la me, eye mewua nusiwo susɔ le Kristo ƒe fukpekpewo me la nu le nye ŋutilã me, le eƒe ŋutilã, si enye hame la ta,


Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagade megbe tso Mawu ƒe amenuveve la gbɔ o, bena veve ƒe ke nagamie aɖe fu na mi, eye wòaƒo ɖi ame geɖe o,


Eye Yosua gblɔ bena: Esi nèhe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi la, eyata Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwò egbea! Tete Israel blibo la ƒu kpe wo, eye wòtɔ dzo wo. Esi woƒu kpe wo vɔ la,


Eye wòwɔ bena, woade dzesi amewo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo kple kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple ablɔɖeviwo kple kluviwo ƒe nuɖusi alo woƒe ŋgonu,


bena amea ɖeke magate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe amesi ŋu lã la ƒe ŋkɔ alo eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme ƒe dzesi le la ko.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa