Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Galatiatɔwo 6:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye ame alesinu zɔna ɖe mɔ sia nu teƒeteƒe la: Ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ ava wo amesiwo nye Mawu ƒe Israel la dzi!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Mawu ƒe ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ nanɔ anyi kple ame siwo katã wɔa se sia dzi, eye woanɔ anyi kple Mawu ƒe Israel la hã.

Onani mutuwo Koperani




Galatiatɔwo 6:16
25 Mawu Ofanana  

Tete gbɔgbɔ la dze Amasai, si nye ame blaetɔ̃awo ƒe tatɔ la dzi wògblɔ bena: Dawid, tɔwò míenye; Isai vi, dziwò míele! Ŋutifafa, ŋutifafa enye tɔwò, eye ŋutifafa nye amesi xɔ na wò la ta, elabena Yehowa, wò Mawu la, xa na wò! Tete Dawid xɔ wo, eye wòtsɔ wo ɖo tatɔwo ɖe aʋakɔwo nu.


Asaf ƒe ha. Nyateƒee, Mawu ƒe dɔme nyo ɖe Israel ŋu, de amesiwo ƒe dzi dza la ŋu.


Yehowa ye woatsɔ atso afia na Israel ƒe ƒomeawo katã, eye woaƒo adegbe.


Yesu kpɔ Natanael gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ le eŋuti bena: Kpɔ ɖa, Israeltɔ vavãe, amesi me alakpa mele o.


Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; nye ŋutifafa tsɔm mele na mi; menye alesi xexeame nana la, nye la mele mia nam o. Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o, eye dzika hã nagatso mia ƒo o!


Esiawo megblɔ na mi, bena míakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexea me la miekpɔ xaxa; gake miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.


ŋlɔ ɖo ɖe mi, amesiwo katã le Roma, siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo kple ame kɔkɔe, siwo woyɔ la: Amenuveve kple ŋutifafa, si tso Mawu, mia Fofo, kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi!


bene wòanye fofo na aʋatsotsotɔwo hã, amesiwo metso aʋatsotso me ɖeɖeko o, hafi amesiwo zɔna le mía fofo Abraham ƒe xɔse, si le esi le aʋamatsomatso me la ƒe afɔtoƒewo me la boŋ.


Amenuveve kple ŋutifafa woana mi tso Mawu Fofo la kple mía Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ,


Ke ne míenye Kristo ta la, ekema Abraham ƒe ƒome kple domenyilawo míenye le ŋugbedodo la nu.


Ke mele egblɔm be: Miza le Gbɔgbɔ me, eye miele ŋutilã ƒe nudzodzro dzi wo ge o.


Ke ne mienɔ agbe le Gbɔgbɔ me la, minɛ míazɔ le Gbɔgbɔ me hã.


Ŋutifafa kple lɔlɔ̃ kple xɔse, si tso Mawu, Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana nɔviawo.


Gake nusi dzi miesu xoxo la, minɛ míazɔ ɖe mo ma ke nu, eye míaƒe tamesusu nana ɖeka.


Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o.


Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.


Woakafu Mawu, mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi gbugbɔ mí gadzi le eƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe la nu hena mɔkpɔkpɔ gbagbe to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me,


Nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa kple lɔlɔ̃ nasɔ gbɔ ɖe dzi na mi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa