Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Galatiatɔwo 5:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke megale ɖase ɖim na amesiame, si na wotso aʋa nɛ la be, ele ne wòawɔ se blibo la katã dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Megale egblɔm ake na ame sia ame si lɔ̃ wotso aʋa nɛ la be ele nɛ be wòawɔ ɖe se blibo la katã dzi.

Onani mutuwo Koperani




Galatiatɔwo 5:3
19 Mawu Ofanana  

Míaƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo kple mía fofowo mewɔ wò nufiamewo dzi o, eye womelé ŋku ɖe wò sewo kple wò nuxlɔ̃amenya, siwo nètsɔ xlɔ̃ nu wo la ŋu o.


Baba na mi mɔfiala ŋkuagbãtɔ, siwo gblɔna bena: Amesi ke ata mawuƒe la, eya menye naneke o; ke amesi ke ata mawuƒe me sika la, eyae nyi fe.


Eye amesi ke atà vɔsamlekpui la, eya menye naneke o, ke amesi ke atà nunana, si le edzi la, eyae nyi fe.


elabena nɔvi atɔ̃ le asinye, bena wòaɖi ɖase na wo, bena woawo hã nagava fukpeƒe sia o.


Eye amea ɖewo tso Yudea va fia nu nɔviawo bena: Ne wometso aʋa na mi le Mose ƒe kɔa nu o la, miate ŋu akpɔ xɔxɔ o.


Eɖi ɖase kple nya bubu geɖewo hã, eye wòxlɔ̃ nu wo gblɔ bena Mina woaɖe mi tso dzidzime gɔglɔ̃ sia me!


hele dzimetɔtrɔ yi Mawu gbɔ kple mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzixɔxɔse ŋuti ɖase ɖim na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa.


Elabena ne èwɔ sea dzi la, aʋatsotso enye viɖe; hafi nenye seadzidala nènye la, ekema wò aʋatsotso zu aʋamatsomatso.


Elabena ame alesi nu tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me la, wole fiƒode la te; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woaƒo fi ade amesiame, si mena nusianu, si woŋlɔ ɖe anyi le sea ƒe agbalẽ me la dzi, bene wòawɔ edzi o la.“


Kpɔ ɖa, nye Paulo mele egblɔm na mi bena, nenye be, miena wotso aʋa na mi la, Kristo maganye viɖea ɖeke na mi o.


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


Azɔ la mele esia gblɔm, eye mele ɖase ɖim le Aƒetɔ la me bena, azɔ la miagazɔ abe alesi trɔ̃subɔlawo hã zɔna le woƒe tamesusu ƒe yakanyenye me la ene o,


Amesi melé se sia ƒe nyawo me ɖe asi o, eye mewɔ wo dzi o la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


Eye ne dzɔgbevɔ̃e kple hiã geɖe va wo dzi la, ekema ha sia anye ɖase anɔ woƒe ŋku me, elabena mage le woƒe dzidzimeviwo nu o. Elabena menya tame, si li na wo fifia, hafi mele wo kplɔm le anyigba, si ŋu meka atam ɖo la dzi yimi.


Ke ne èŋlɔ Yehowa, wò Mawu la be, eye nèdze mawu bubuwo yome hesubɔ wo, eye nède ta agu na wo la, ekema meka ɖe dzi na mi egbea be, miatsrɔ̃ avɔ kokoko;


eye amea ɖeke nagaba nɔvia, eye wòatafae le dɔwɔwɔ me o; elabena Aƒetɔ lae nye nusiawo katã ƒe hlɔ̃biala, abe alesi miegblɔ tsã, eye míeɖi ɖase na mi la ene.


Eye míawo miekpɔe, eye míeɖia ɖase bena, Fofo la do Via ɖo ɖa, be wòanye xexeame xɔla.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa