Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Galatiatɔwo 5:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Ke ne mienɔ agbe le Gbɔgbɔ me la, minɛ míazɔ le Gbɔgbɔ me hã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Esi míele agbe le Gbɔgbɔ la me la, mina míazɔ hã le eƒe kpɔkplɔ te.

Onani mutuwo Koperani




Galatiatɔwo 5:25
10 Mawu Ofanana  

Gbɔgbɔ ta gbɔa agbe, ŋutilã menyo na naneke o; nya, siwo megblɔ na mi la, Gbɔgbɔ kple agbe wonye.


Ke ne Kristo le mia me la, ekema ŋutilã la ku le nuvɔ̃ ta, gake gbɔgbɔ la enye agbe le dzɔdzɔenyenye ŋuti.


Elabena Gbɔgbɔ, si nye agbe, si le Kristo Yesu me la, ƒe se la xam tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si.


Nenema ke woŋlɔ ɖi bena: „Ame gbãtɔ, Adam la, zu luʋɔ gbagbe;“ Adam mamletɔ la zu gbɔgbɔ, si na agbe.


amesi hã wo mi miedze be, mianye nubabla yeye ƒe subɔlawo, menye agbalẽŋlɔdzesi tɔwo o, hafi Gbɔgbɔ tɔwo boŋ. Elabena agbalẽŋlɔdzesi la wua ame, ke Gbɔgbɔ la gbɔa agbe ame.


Ke mele egblɔm be: Miza le Gbɔgbɔ me, eye miele ŋutilã ƒe nudzodzro dzi wo ge o.


Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o.


Elabena esia ta wogblɔ nyanyuie la fia ame kukuwo hã ɖo bena, ne woadrɔ̃ ʋɔnu wo le amewo gome le ŋutilã me hã la, le Mawu gome la woano agbe le gbɔgbɔ me.


Eye ŋkeke etɔ̃ kple afã megbe la agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe wo me, eye wotsi tre ɖe woƒe afɔwo dzi, eye vɔvɔ̃ gãa ɖe va dze amesiwo kpɔ wo la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa