Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Galatiatɔwo 4:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Nusiawo nye lododo; elabena esiawo nye nubabla eveawo. Ɖeka tso Sinai-to la dzi, si dzia vi hena kluvinyenye, esia nye Hagar;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Nu siawo nye lododo ko, elabena nyɔnu eveawo sɔ kple nubabla eve. Nubabla ɖeka la, woxɔe le Sinai to dzi, eye eyae dzi ɖevi siwo nye kluviwo. Esia nye Hagar.

Onani mutuwo Koperani




Galatiatɔwo 4:24
24 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ nɛ bena; Hagar, Sarai ƒe kosi, afika nètso, eye afika néyina? Eɖo ŋu bena: Ɖe mesi le nye aƒenɔ Sarai gbɔ.


Esiawo nye Abrahamvi Ismael, amesi Egipte-nyɔnu Hagar, Sara ƒe kosi, dzi na Abraham la ƒe dzidzimeviwo.


Woakplɔ Yehowa ɖo, ne eɖe gbe be dzata ene; elabena ele gbe ɖe ge, eye ɣetoɖoƒeviwo aɖe abla ava.


bena woawu nya, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu bena: „Make nye nu kple lododowo; eye maɖe nu ɣaɣla, siwo woyia tso keke xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me ke la afia.


Elabena miexa kluvigbɔgbɔ, bene miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke vinyenyegbɔgbɔ la boŋ miexɔ, esi me miedo ɣli le be: Aba, Fofo!


Ke nusiawo katã va ame mawo dzi abe kpɔɖeŋu ene, eye woŋlɔe ɖi, bene wòanye nuxɔxlɔ̃ hena mí amesiwo dzi xexe sia me ƒe nuwuwu va ɖo la.


Eye wo katã wono gbɔgbɔ me nunono ma ke, elabena wono tso gbɔgbɔ me kpe gbadza, si dze wo yome la me: ke kpe gbadza lae nye Kristo.


elabena Hagar enye Sinai-to la le Arabia, ke esɔ kple egbegbe Yerusalem; elabena eya kple viawo le kluvinyenye me.


Nenema ke nye miawo hã: Esi míenye ɖeviwo la, mieno xexe sia me gɔmedzenuwo ƒe kluvinyenye te.


Ablɔɖenyenye ŋuti Kristo wɔ mí ablɔɖeviwo ɖo. Eyaŋuti minɔ tsitre sesĩe, eye migana woade kluvinyenye ƒe kɔkuti ko na mi o!


Eye wògblɔ bena: Yehowa tso Sinai va, edze na wo tso Seir, eye wòdo tso Paran-to la gbɔ. Ame kɔkɔe akpe nanewo kpe ɖe eŋu, eye dzo le eƒe nuɖusi na wo.


elabena esusu bena, ŋusẽ le Mawu si be, wòafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ke hã; eyaŋuti wògaxɔe le tsɔtsɔna sia ta.


kple Yesu, si nye nubabla yeye la ƒe avuléla kple ʋuhehlẽ, si ƒoa nu nyuie wu Abel to la, gbɔ míete va.


Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la,


nenema ke hã Yesu zu nubabla, si nyo wu sã la ƒe asiƒuakɔla


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa