Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Galatiatɔwo 4:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Alesi wole ŋu ʋãm le mia ŋuti la, menyo o; ke boŋ wole didim be, yewoasa mi ɖe aga, bene miaʋã ŋu le yewo ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Aʋatsonufiala mawo le didim vevie be yewoadze mia ŋu, ke menye ɖe miaƒe nyonyo ta o. Nu si wole didim be yewoawɔ lae nye be yewoɖe mi ɖe aga tso gbɔnye, ale be miaɖo to yewo wu.

Onani mutuwo Koperani




Galatiatɔwo 4:17
14 Mawu Ofanana  

Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena mietsana le ƒu kple anyigba dzi bena miawo trɔ̃subɔla ɖeka wòazu Yudatɔ, eye ne ezui la, ekema miewɔe dzomavɔʋe ƒe vi, si wu mia ŋutɔwo zi eve.


Elabena mele ɖase ɖim na wo bena, wole ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze o.


Elabena nenem mesiawo mesubɔa mía Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke woƒe ƒodo boŋ wosubɔna, eye wotsɔ nuƒoƒo nyui kple yayranyawo blea amesiwo mesusu vɔ̃a ɖeke o la ƒe dziwo.


Ke mele mia kafum, nɔviwò, bena mieɖoa ŋku dzinye le nusianu me, eye mielé nyaɖoɖoawo me ɖe asi, abe alesi meɖo na mi la ene.


Ke amea ɖewo do wo ɖokui ɖe dzi, abe ɖe nyemegale mia gbɔ va ge o ene.


Míeɖi ƒo xoxo, míezu kesinɔtɔwo xoxo, miegblẽa mi ɖi ɖua fia; ɖe miaɖu fia gɔ̃, bene miawo hã míaɖu fia kpakpli mi la, ne anyo!


Ke mele vɔvɔ̃m bena, amea ɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe adaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ?


Esi megblɔ nyateƒe na mi la, eyata mezu miaƒe futɔ mahã?


Ke ŋuʋaʋã le nu nyui ŋuti nyo ɖaasi, eye menye ne mele mia gbɔ ɖeɖeko o.


elabena wo kalẽ la woa ŋutɔwo tɔ dim wole, eye menye nusi nye Yesu Kristo tɔ o.


Elabena esi wogblɔ yakanya lolo gãwo la, wotsɔ ŋutilã ƒe nudzodzrowo kple hadzedze vɔ̃wo ble amesiwo si fifi laa tso mɔtrelawo gbɔ.


eye le ŋukeklẽ me woatsɔ nyakpakpawo aɖi viɖe le mia ŋu, amesiwo ƒe fɔbubu mehe ɖe megbe tso blema ke o, eye woƒe gbegblẽ medɔa akalɔ̃e o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa