Galatiatɔwo 3:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191324 Ale se la zu mia nufiala, si kplɔa mí yia Kristo gbɔe, bene woatso afiã na mí to xɔse me. Onani mutuwoAgbenya La24 Ale se la zu míaƒe mɔfiala va se ɖe esime Kristo va be woatso afia na mí to xɔse me. Onani mutuwo |
ke esi míenyae bena, wometsoa afia na ame tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ to Yesu Kristo dzixɔxɔse me ɖeɖeko ŋuti la, eyata míawo hã míexa Yesu Kristo dzi se, bene woatso afia na mí to Kristo dzixɔxɔse me, eye menye tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o; elabena wometsoa afia na ŋutilãa ɖeke tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o.