Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Galatiatɔwo 3:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Azɔ la, nuka ta se la li ɖo? Vodadawo ŋuti wotsɔe kpe ɖe eŋuti, vaseɖe ɣeyiɣi, si dzi ƒome, si ŋugbe wodo ɖi la ava, eye woto mawudɔlawo dzi ɖoe anyi to avuléla si me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Nu ka ta koŋ wona se la ɖo? Wotsɔ se la kpe ɖe eŋu ɖe vodadawo ta va se ɖe esime dzidzime, si ŋuti ŋugbedodo la ku ɖo la nava. Wona se la to mawudɔlawo dzi, eye wotsɔe de asi na avuléla.

Onani mutuwo Koperani




Galatiatɔwo 3:19
31 Mawu Ofanana  

Tete wòbe, yeatsrɔ̃ wo, ɖe menye eƒe ame tiatia Mose ye tsi tre ɖe gbagbãƒe le eŋku me, ne wòafa eƒe dziku nu, be magagblẽ nu o la!


Esia nye se na amesi le afu ɖom kple amesi nyẽ tsi, eye eŋu mekɔ o,


Ke egblɔ nɛ bena: Ne womeɖo to Mose kple nyagblɔɖilawo o la, ne amea ɖe tsi tre tso ame kukuwo dome hã la, mele ŋu te ge aƒoe ɖe wo nu o.


Elabena wona se la to Mose dzi; amenuveve kple nyateƒe va to Yesu Kristo dzi.


Ɖe nyemeva ƒo nu kpli wo o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la taflatsedodoa ɖeke mele wo si le woƒe nuvɔ̃ ŋuti o.


Eyae nye amesi no ha la dome le gbedzi kple mawudɔla la, esi wòƒo nu ne le Sinai-to ta ŋuti kple mia fofowo, amesi xɔ agbenyawo be, yeana mí;


mi amesiwo xɔ se la le mawudɔlawo ƒe ɖoɖo nu, eye mielé wo me ɖe asi o.


Elabena menye amesiwo sea se la, wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me o, hafi boŋ woatso afia na amesiwo wɔa se la dzi.


Elabena se la hea dziku vɛ; gake afisi se mele o la, dzidada hã meli o.


Ke Abraham la wogblɔ ŋugbedodowo na eya kple eƒe ƒome; womegblɔ be: „Kple ƒomeawo“ abe ame geɖe ene o, ke abe ame ɖeka ene boŋ: „Kple wò ƒome,“ si nye Kristo.


Eye wògblɔ bena: Yehowa tso Sinai va, edze na wo tso Seir, eye wòdo tso Paran-to la gbɔ. Ame kɔkɔe akpe nanewo kpe ɖe eŋu, eye dzo le eƒe nuɖusi na wo.


eye menɔ mia kple Yehowa dome ɣemaɣi, bena magblɔ Yehowa ƒe nyawo na mi, elabena miele dzo lã vɔ̃m, eye mieha to la o. Eye wògblɔ bena:


Elabena ne nya, si wogblɔ ɖi to mawudɔlawo dzi la, li dzi sesĩe, eye vodada sia vodada kple tosesẽ sia tosesẽ kpɔ eŋuti fetu vɔ̃, si dze la,


Elabena metsɔ xexeme, si le vava ge, si ŋuti míeƒoa nu lena la, de mawudɔlawo ƒe ŋusẽ te o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa