Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Galatiatɔwo 3:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke edze ƒã bena, wometsoa afia na amea ɖeke to se la me le Mawu ŋku me o; elabena „ame dzɔdzɔe la anɔ agbe tso xɔse me.“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Eme kɔ ƒãa be Mawu matso afia na ame aɖeke to se la dzi wɔwɔ me o, elabena woŋlɔ ɖi be, “Ame dzɔdzɔe la anɔ agbe to xɔse me.”

Onani mutuwo Koperani




Galatiatɔwo 3:11
20 Mawu Ofanana  

Ne wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò, — elabena amegbetɔa ɖeke megbea nuvɔ̃wɔwɔ o — eye nèɖo dɔmedzoe ɖe wo ŋu hetsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye woɖe aboyo wo yi woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, eɖanye didiƒe alo kpuiƒe o,


Kpɔ ɖa, nyemele ɖeke me o nya ka matsɔ aɖo eŋu na wò? Maɖo asi nu.


Eyata megbe nye nyawo, eye wovem le ke kple afi me.


Ne edze eŋu wòbe, yeahe nya kplii la, mate ŋu aɖo akpe ƒe ɖeka ŋu o.


Eye megaɖrɔ̃ ʋɔnu wò dɔla o, elabena ŋkuwò me la agbagbea ɖeke menye dzɔdzɔetɔ o.


Woawo wotsɔ fia mɔnu wò dɔla hã; fetu gã le wo me lelé ɖe asi me.


Elabena ame dzɔdzɔea ɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ, eye mewɔa nuyɔ o.


Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene, eye amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa na míaƒe vodadawo katã va eyama dzi.


Tete megblɔ be: Alele, evɔ nam! Elabena ame miyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ, si ƒe nuyi mekɔ o la dome, elabena nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot.


Amea ɖeke meli, si yɔa wò ŋkɔ, eye wòtsona be, yeaku ɖe ŋuwò o; elabena èɣla wò ŋku me ɖe mí, eye nèna nu ti kɔ na mí ɖe miaƒe vodadawo me.


Kpɔ ɖa, eƒe luʋɔ vu gblotoo, eye meto mɔ ɖeka le eme o; ke ame dzɔdzɔe ya anɔ agbe to eƒe xɔse me.


Elabena woɖea Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go le eya me tso xɔse me yina xɔse me, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me.“


ke esi míenyae bena, wometsoa afia na ame tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ to Yesu Kristo dzixɔxɔse me ɖeɖeko ŋuti la, eyata míawo hã míexa Yesu Kristo dzi se, bene woatso afia na mí to Kristo dzixɔxɔse me, eye menye tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o; elabena wometsoa afia na ŋutilãa ɖeke tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o.


ke ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me, eye ne egbugbɔ ɖe megbe la, luʋɔnye makpɔ ŋudzedze nyui le eŋuti o.“


Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒoa ɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.


Elabena mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne amea ɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.


Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa