Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Galatiatɔwo 2:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye Yudatɔ susɔeawo hã da alakpa kpakplii, ale gbegbe bena, wohe Barnaba hã ɖe woƒe alakpadada la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Yudatɔ bubuawo hã dze eƒe alakpanuwɔwɔ yome, eye woƒe alakpanuwɔwɔ na be Barnabas gɔ̃ hã tra mɔ.

Onani mutuwo Koperani




Galatiatɔwo 2:13
17 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ nɛ bena: Vinye Esau nènyea? Eɖo ŋu bena: E, nyee!


Eye evevea ke: Ameka masubɔ, ne menye via oa? Alesi mesubɔ fofowòe la, nenema manɔ wò hã gbɔwòe.


Afika wò dzi le fluwòm yinae, eye nukaŋuti wò ŋku le totrom,


Nudzodzoe wuamewo nana amiɖala ƒe ami mina ku heƒaƒãna; bometsitsi ʋeea ɖe kpena wua nunya kple bubu.


Elabena ame dzɔdzɔea ɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ, eye mewɔa nuyɔ o.


Nenema ke miawo hã miedzena ame dzɔdzɔewo le gota le amewo ƒe ŋku me; ke mia me yɔ taŋ kple alakpadada kpakple madzɔmadzɔnyenye.


Ke Yosef, amesi apostolowo yɔna hã be Barnaba, esi ƒe gɔme woɖe bena akɔfafavi, si nye Lewitɔ, amesi wodzi le Kipro la, agble le esi,


Mienyae bena, trɔ̃subɔlawo míenye tsã, eye miena wohe mi yi ɖe trɔ̃ maƒonuwo gbɔ, abe alesi wokplɔ mi ene.


Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.


Miaƒe adegbeƒoƒo menyo o. Mienyae bena, amɔwɔ ʋaʋã via ɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna o mahã?


Ke mikpɔ nyuie, bena miaƒe ŋusẽ nagazu nukikli na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo o.


Emegbe la, anɔ ƒe wuiene, megayi Yerusalem, mia kple Barnaba, eye metso Tito hã kpe ɖe mía ŋu.


eye esi wodze si amenuveve, si wotsɔ nam la, tete Yakobo kple Kefa kpakple Yohanes, amesiwo wobuna bena, wonye sɔtiwo la, wona habɔbɔ ƒe asi mía kple Barnaba, bene míawo míayi trɔ̃subɔlawo gbɔ, ke woawo woayi aʋatsotsotɔwo gbɔ;


bene míaganye ɖevi, siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu o,


Migana nufiafia bubu ƒomeviwo kple dzrotɔwo nahe mi ayii o; elabena enyo be, woatso amenuveve ali ke dzi la, eye menye nuɖuɖu, siwo menye viɖea ɖeke na amesiwo wɔ eŋuti ɖa o la, woatsa o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa