Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Galatiatɔwo 1:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke nenye míawo alo mawudɔla, si tso dziƒo gɔ̃ hã, agblɔ nyanyuie la bubui afia mi, ɖe esi míegblɔ na mi teƒe la, nezu busu!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Nenye míawo alo mawudɔla aɖe tso dziƒo gɔ̃ hã va gblɔ nyanyui bubu aɖe si to vovo tso esi míegblɔ na mi gbɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva amea dzi.

Onani mutuwo Koperani




Galatiatɔwo 1:8
23 Mawu Ofanana  

egblɔ bena: Woaƒo fi ade Kanaan, kluviwo ƒe kluvi wòanye na nɔviawo!


Eɖo ŋu nɛ bena: Nye hã nyagblɔɖila menye abe wò ke ene, eye mawudɔla ƒo nu kplim le Yehowa ƒe nya nu gblɔ bena: Yi ɖagbugbɔe, eye mia kplii miayi aƒewò me, ne wòaɖu abolo, eye wòano tsi! Ke alakpae wòda nɛ.


Tete meka mo na wo, meƒo fi de wo, meƒo wo dome ŋutsua ɖewo, eye menya ɖa na wo, eye meta Mawu na wo bena: Migatsɔ míaƒe nyɔnuviwo na woƒe ŋutsuviwo o, eye migaɖe woƒe nyɔnuviwo na míaƒe ŋutsuviwo kple mía ŋutɔwo ɖokui o!


Eyata ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Migaɖo to nyagblɔɖila, siwo le nya gblɔm ɖi na mi la o; mia flum wole, eye woawo ŋutɔ ƒe dzi ƒe ŋutega tom wole, menye Yehowa ƒe nu me wòtso o,


Ke migakɔ nu le „Yehowa ƒe agba“ dzi azɔ o; elabena amesiame ƒe nya azu agba nɛ, le esi mietrɔ gbo Mawu gbagbe, Yehowa Zebaot, mía Mawu la ƒe nyawo ta.


Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me!


Ke ede asi fiƒoƒode kple atamkaka me bena: Nyemenya amesia, si ŋuti miele nu ƒom le la o.


Woawoe va nunɔlagãwo kple amegãwo gbɔ gblɔ bena: Mieƒo fi de mía ɖokui ŋutɔ bena, miele naneke ɖo ge akpɔ, vaseɖe esime míawu Paulo o.


Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena mialé ŋku ɖe amesiwo wɔa mamãwo kple nuɖiaɖiawo ɖe nufiafia, si miesrɔ̃ ŋu la ŋuti, eye milé mia ɖokui ɖa tso wo gbɔ.


Elabena medi bena, nye ŋutɔ mazu busu tso Kristo gbɔ ɖe nɔvinyewo, ƒonyemeawo le ŋutilã nu la ta;


Eyata mana mianyae bena, amesi le nu ƒom le Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, ɖeke megblɔa busunya ɖe Yesu ŋuti o; eye amea ɖeke mate ŋu ayɔ Yesu be Aƒetɔ o, negbe le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me ko.


Ne amea ɖe melɔ̃ Aƒetɔ Yesu Kristo o la, nezu busu! Aƒetɔ la gbɔna!


Abe alesi míegblɔ tsã la, magagblɔe fifi hã bena, ne amea ɖe gblɔ nyanyuie la bubui fia mi ɖe esi miexɔ teƒe la, nezu busu!


Elabena ame alesi nu tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me la, wole fiƒode la te; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woaƒo fi ade amesiame, si mena nusianu, si woŋlɔ ɖe anyi le sea ƒe agbalẽ me la dzi, bene wòawɔ edzi o la.“


Kristo xe fe ɖe mia ta heɖe mí tso se la ƒe fiƒode la me, esi wòva zu fiƒode le mía ta; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woƒo fi de amesiame, si wohe ɖe ati ŋu la,“


Ne èxlɔ̃ nu kɔmamãwɔlaa ɖe zi ɖeka alo zi eve la, nagbee;


Eyata aɖi mia ŋu, eye dɔlawo, naketɔlawo kple tɔmedelawo na nye Mawu ƒe aƒe la mavɔ le mia dome akpɔ o!


ŋku, siwo yɔ taŋ kple ahasiwɔwɔ, eye nuvɔ̃wɔwɔ metea ŋu ɖia kɔ na wo o la, li na wo; wòblea luʋɔ, siwo meli ke o la, vaa wo ɖokui gbɔ; dzi, si ŋukeklẽ ma ŋutɔ la, li na wo, eye fiƒodeviwo wonye.


Azɔ nye aƒetɔ nese eƒe dɔla ƒe nyawo dzro: Nenye Yehowae do wò ɖe ŋunye la, ekema axɔ vɔsa aʋẽ ase, ke nenye amegbetɔviwoe la, ekema aɖi wo ŋu le Yehowa ŋku me, elabena wonyãm egbe, be nyemagakpɔ gome le Yehowa ƒe anyigba dzi o hegblɔ bena: Yi ɖasubɔ mawu bubuwo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa