Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Galatiatɔwo 1:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke Yudea-hame, siwo le Kristo me la, menyam le ŋku me o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Hame siwo le Yudea le Kristo me la medze sim o.

Onani mutuwo Koperani




Galatiatɔwo 1:22
11 Mawu Ofanana  

Azɔ hame, si le Yudea kple Galilea kple Samaria katã la, kpɔ tomefafa, eye wotu wo ɖokui, eye wole zɔzɔm le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me; eye wosɔ gbɔ to Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe akɔfafa me.


Miɖuɖɔ Apeles, amesi li ke le Kristo me la, nam ƒã. Miɖuɖɔ amesiwo tso Aristobulo ƒe aƒe me la, nam ƒã.


Miɖuɖɔ Priskila kple Akwila, siwo nye hanyedɔwɔlawo le Kristo Yesu me la, nam ƒã;


Miɖuɖɔ Andronika kple Yunia, siwo nye ƒonyemeawo kple hanyegatɔwo, amesiwo xɔ ŋkɔ le apostoloawo dome, amesiwo tre kristotɔnyenye nam la, nam ƒã.


Miɖuɖɔ Urbano, si nye mía hadɔwɔla le Kristo me la, kple Staxis, nye lɔlɔ̃tɔ la, nam ƒã.


Ke eya ŋuta gbɔ wòtso miele Kristo Yesu me, amesi zu nunya kple dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye kpakple fexexeɖeta, si tso Mawu gbɔ la na mí,


Negbe alesi Aƒetɔ la ma na amesiame la alesi Mawu yɔ amesiamee la, nenema ke woazɔ, eye nenema ke meɖo le hawo katã me.


Paulo kple Timoteo, Yesu Kristo ƒe dolawo, ŋlɔ ɖo ɖe ame kɔkɔe, siwo katã le Kristo Yesu me le Filipi la, kple dzikpɔlawo kple subɔlawo hã:


Paulo kple Silvano kple Timoteo woŋlɔ ɖo ɖe Tesalonikatɔwo ƒe hame, si le Mawu, Fofo la, kple Aƒetɔ Yesu Kristo me: Amenuveve kple ŋutifafa, si tso! Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi!


Elabena miawo, nɔviwo, miezu Mawu hame, siwo le Yudea le Kristo Yesu me la, srɔ̃lawo; elabena miawo hã míekpe fu mawo ke tso mia ŋutɔwo mia dumeviwo gbɔ, abe alesi woawo hã wokpee tso Yudatɔwo gbɔ la ene;


Paulo kple Silvano kple Timoteo woŋlɔ ɖo ɖe Tesalonikatɔwo ƒe hame, si le Mawu, mía Fofo, kple Aƒetɔ Yesu Kristo me:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa