Eye Dawid gblɔ na Abisai kple eƒe dɔlawo katã bena: Kpɔ ɖa, vinye, si do tso nye ali me la, le nye ku dim; aleke wɔ Benyamintɔ mahadii oa? Mina, ne wòado ɖiŋu ko, elabena Yehowae gblɔe nɛ!
Efrayim la, vi vevi kple vi malɔ̃nugbɔa wònye nama? Elabena ne menya ƒo nu le eŋu ko la, nye ŋku nɔa eyama dzi ɖaa; eyata nye dɔme le tɔtrɔm ɖe eŋu, makpɔ nublanui nɛ kokoko, Yehowa ye gblɔe.
Eye ne miele tsitre le gbe ɖom ɖa, eye nyaa ɖe le miaƒe dzi me ɖe amea ɖe ŋu la, mitsɔe kee, bena mia Fofo, si le dziƒowo la, natsɔ miaƒe vodadawo hã ake mi.
Ke woawu nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula ma, le esi wòbe, miatrɔ le Yehowa, mia Mawu, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, eye wòɖe mi tso kluvinyenyeƒe me la yome ta, le esi wòbe, miate ɖa le mɔ, si Yehowa, mia Mawu, ɖo na mi la dzi ta; ele be, miaɖe vɔ la ɖa le mia dome.