Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 9:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Elabena Mardoxai zu gã le na ƒe me, eye eƒe ŋkɔ de anyigbawo katã dzi; elabena ŋutsu Mardoxai le gã zum ɖe dzi ɖaa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Mordekai nye ame ŋkuta aɖe le fiasã la me, eƒe ŋkɔ ɖi de fiaɖuƒe la ƒe akpa sia akpa, eye eƒe ŋusẽ ganɔ dzi dem ɖe edzi ɣe sia ɣi.

Onani mutuwo Koperani




Ester 9:4
14 Mawu Ofanana  

Eye ana nɔ Saul ƒe aƒe kple Dawid ƒe aƒe dome eteƒe didi Eye Dawid ɖe ŋusẽ kpɔm de dzi, ke Saul ƒe aƒe la le gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe dzi.


Ale Dawid le akɔ trim ɖe dzi ɖaa, eye Yehowa Zebaot nɔ kplii.


Eye Dawid ƒe ŋkɔ nyo le anyigbawo katã dzi, eye Yehowa de vɔvɔ̃ eŋu na dukɔwo katã.


Eƒe nu gã wɔwɔwo kple nu klitsu wɔwɔwo katã kpakple Mardoxai ƒe ŋkɔxɔxɔ, alesi fia la ɖo gãe la, woŋlɔ wo ɖe Media kple Persia-fiawo ŋɔli ƒe ŋutinyagbalẽ me.


Eyama ɖi ati, si woɖo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wówɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!


Mem wo gudugudu abe ʋuʋudedi le ya nu ene, eye metsɔ wo ƒu gbe abe ablɔ me gbeɖuɖɔ ene.


Ame dzɔdzɔe la atu hlo abe deti ene, eye wòade dzi abe sederti le Libanon dzi ene.


Eye Yehowa na Egipte-tɔwo ve dukɔ la nu, eye Farao ŋu mewo kple eƒe dukɔ la bu Mese ŋuta le Egipte-nyigba dzi.


Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nua kɔkɔm ɖe dzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.


Aƒetɔ la gblɔ nya ɖo ɖe Yakob, eye wòva ƒo ɖe Israel dzi,


Kpɔ ɖa, mawɔ nu kple amesiwo katã te mi ɖe anyi la ɣemaɣi, makpe ɖe ata ŋeŋee tɔwo ŋu, maƒo: amesiwo kaka hlẽ la nu ƒu, eye matso wo awɔ kafukafu kple bubu le anyigba, siwo katã dzi wodo ŋukpe wo le la dzi.


Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Eye Yehowa nɔ kple Yosua, ale be eƒe ŋkɔ kaka ɖe anyigba la katã dzi.


Eyata Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe gbe nye si: Megblɔ tsã be, mana mia kple fofowò ƒe aƒe nanɔ ŋkunye me tegbee; ke azɔ la ale Yehowa gblɔ esi: Nede megbe xaa tso gbɔnye, elabena amesi buam la, mabui, eye amesi doa vlom la, mado vloe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa