Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 9:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Woɖo agbalẽ, si me xɔlɔ̃nyawo kple nyateƒenyawo le la, ɖe Yudatɔwo katã le Axasweros ƒe fiaɖuƒe ƒe anyigba alafa ɖeka kple blave vɔ adreawo dzi,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

30 Kpe ɖe esia ŋu la, wogaŋlɔ agbalẽ na Yudatɔwo katã, eye woɖoe ɖe nuto alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adreawo (127) katã me le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la me, hedi nyui kple ŋutifafa na ame sia ame.

Onani mutuwo Koperani




Ester 9:30
7 Mawu Ofanana  

Sara xɔ ƒe alafa ɖeka kple blave vɔ adre; esia nye Sara ƒe agbe me ƒewo.


Eva me le Axasweros ŋɔli — eya nye Axasweros, si ɖu anyigba alafa ɖeka kple blave vo adre dzi, tso India vaseɖe Kus —


Tete woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo ɣemaɣi le dzinu etɔ̃lia, si nye dzinu Siwan la ƒe ŋkeke blave vɔ etɔ̃lia dzi, eye woŋlɔ agbalẽ la, abe alesi Mardoxai de se pɛpɛpɛ ene, le anyigba sia anyigba ƒe nuŋɔŋlɔ nu, ɖe dukɔ sia dukɔ: ƒe gbegbɔgblɔ, me, le Yudatɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ nu, ɖe woƒe gbegbɔgblɔ me, ɖo ɖe Yudatɔwo kple amegãwo, anyigba dzikpɔlawo kple anyigbawo ƒe tatɔwo tso India vaseɖe Kus, wole anyigba alafa ɖeka kple blave vɔ adre


Elabena amesiwo te ɖe aga le ŋuwò la, woegblẽ; àtsrɔ̃ amesiwo katã trɔ ʋu le yowòme la.


dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔwɔ anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye ƒe viɖe anye gbɔdzɔe kple dziɖeɖi tegbee.


Xizkiya do ŋu na Yesaya be: Yehowa ƒe gbe, si nèƒo la, enyo. Eye wògagblɔ bena: Ne ŋutifafa kple nyateƒe le nye ŋkekewo me ko!


Ale Yehowa Zebaot gblɔ asi: Nutsitsidɔ le dzinu enelia kple etɔ̃lia dzi, le dzinu adrelia kple ewolia dzi azu dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyatsotso kpakple ŋkekenyuie na Yuda ƒe ale la; ke milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa