Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 9:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Anyigbawo ƒe tatɔwo katã, amegãwo kple anyigba dzikpɔlawo kpakple fia ƒe dziɖulawo xɔ na Yudatɔwo, elabena Mardoxai ƒe ŋɔdzi le wo

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Bubume siwo katã nɔ nutoawo me, dumegãwo, mɔmefiawo kple fia la ƒe dɔnunɔlawo kpe ɖe Yudatɔwo ŋu, elabena Mordekai ƒe ŋɔdzi lé wo katã.

Onani mutuwo Koperani




Ester 9:3
9 Mawu Ofanana  

wogbɔ kple Zerubabel, Yesuya, Nexemya, Seraya. Reelaya, Mardoxai, Bilsan, Mizpar, Bigewal, Rexum kple Baana, Israel-dukɔ la ƒe xexlẽme enye si.


Wotsɔ fia ƒe seawo de asi na fia la ƒe dziɖulawo kple anyigba dzikpɔlawo le tɔsisi la ƒe go keme dzi, eye wokpe ɖe dukɔ la kple mawuxɔ la ŋu.


Tete woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wutetɔ̃lia dzi, eye woŋlɔ agbalẽ, abe alesi Haman de see ene, ɖe anyigba sia anyigba ƒe nuŋɔŋlɔ kple dukɔ sia dukɔ ƒe gbegbɔgblɔ nu heɖo ɖe fia ƒe amegãwo kple anyigba dzikpɔla, siwo le anyigba sia anyigba nu kpakple dukɔ sia dukɔ ƒe tatɔwo; woŋlɔe le fia Axasweros ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete.


Yudatɔwo kpɔ dzidzɔ, wotso aseye, wotu aglo, eye woɖu ŋkekenyuie le anyigbawo katã dzi kple du, siwo katã, me, fia ƒe nya kple eƒe se la de; eye anyigba dzi dukɔwo dometɔ geɖewo trɔ zu Yudatɔwo, elabena Yudatɔwo ƒe ŋɔdzi lé wo.


gblɔ bena: Ne edze fia la ŋu, eye wòve nunye, ne nya sia nyo fia ŋu, eye nye nu nyo fia ŋu la, ekema nena woaŋlɔ agbalẽ, ne woagblẽ agbalẽ, si Hamedata vi Haman, Agagitɔ, ŋlɔ heɖo ta me be, yeatsrɔ̃ Yudatɔwo le fia ƒe anyigbawo katã dzi la me.


Tete woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo ɣemaɣi le dzinu etɔ̃lia, si nye dzinu Siwan la ƒe ŋkeke blave vɔ etɔ̃lia dzi, eye woŋlɔ agbalẽ la, abe alesi Mardoxai de se pɛpɛpɛ ene, le anyigba sia anyigba ƒe nuŋɔŋlɔ nu, ɖe dukɔ sia dukɔ: ƒe gbegbɔgblɔ, me, le Yudatɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ nu, ɖe woƒe gbegbɔgblɔ me, ɖo ɖe Yudatɔwo kple amegãwo, anyigba dzikpɔlawo kple anyigbawo ƒe tatɔwo tso India vaseɖe Kus, wole anyigba alafa ɖeka kple blave vɔ adre


Eye fia Nebukadnezar dɔ amewo ɖo ɖa, be woaɖaƒo amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, aʋafiawo, ʋɔnuɖrɔ̃lawo ƒe amegãwo, nudzikpɔlawo, sefialawo, ʋɔnuɖrɔ̃lawo kple anyigbawo ƒe dziɖuɖu dɔwɔlawo katã nu ƒu, ne woava akɔ legba, si fia Nebukadnezar li anyi la ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa