Ester 9:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191327 Yudatɔwo ɖoe, eye wotsɔe wɔ kɔnu na woawo ŋutɔ kple woƒe dzidzimeviwo kpakple amesiwo katã aku ɖe wo ŋu la be, woaɖu ŋkeke eve siawo le agbalẽ, si woŋlɔ na wo, kple ŋkeke ɖoɖo la nu, eye womada edzi o; Onani mutuwoAgbenya La27 Yudatɔ siwo katã nɔ fiaɖuƒe la me la lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze kɔnu sia wɔwɔ gɔme, eye yewoatsɔe ade asi na yewoƒe dzidzimeviwo kple ame siwo katã azu Yudatɔwo. Woɖo be yewomagbe ŋkekenyui sia ɖuɖu le ŋkeke eve siawo dzi le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi ƒe sia ƒe o. Onani mutuwo |