Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 9:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 hele ɖoɖom na wo be, woaɖu dzinu Adar ƒe ŋkeke wuienelia kple wuiatɔ̃lia ɖaa ƒe sia ƒe,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Edo ŋusẽ wo be woaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe le ɣleti wuievelia, Ada ƒe ŋkeke wuienelia kple wuiatɔ̃lia dzi.

Onani mutuwo Koperani




Ester 9:21
8 Mawu Ofanana  

Wowu xɔ sia nu vaseɖe dzinu Adar ƒe ŋkeke etɔ̃lia dzi le fia Dario ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adelia me.


Le dzinu gbãtɔ, si nye dzinu Nisan me, le fia Axasweros ƒe ƒe wuievelia me la, woda pur, si nye nudzidzernu le Haman ŋku me le ŋkeke sia ŋkeke dzi kple dzinu sia dzinu me vaseɖe dzinu wuievelia, si nye dzinu Adar me.


Esia va me le dzinu Adar ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi, eye wogbɔ ɖe eme le eƒe ŋkeke wuienelia; si wotsɔ wo aglotugbe kple dzidzɔkpɔgbe la dzi.


Ke Yudatɔ, siwo le Susa la, ƒo wo ɖokui nu ƒu le ŋkeke wuietɔ̃lia kple wuienelia dzi, eye wogbɔ ɖe eme le ŋkeke wuiatɔ̃lia, si wotso wo aglotugbe kple dzidzɔkpɔgbe la dzi.


Mardoxai ŋlɔ nya siawo ɖi, eye wòɖo agbalẽ ɖe Yudatɔ, siwo katã le kpuiƒe kple didiƒe le fia Axasweros ƒe anyigbawo katã dzi la


abe ŋkeke, siwo dzi Yudatɔwo kpɔ gbɔdzɔe tso woƒe futɔwo si me, kple dzinu, si dzi woƒe vevewo trɔ zu dzidzɔ, eye nuxaxa trɔ zu ŋkekenyuie ene; ne woatsɔ wo awɔ aglotugbe kple dzidzɔkpɔgbewoe, esiwo dzi woaɖo nuɖuɖu ɖe wo nɔewo, eye woana nu ame dahewo le.


Yudatɔwo ɖoe, eye wotsɔe wɔ kɔnu na woawo ŋutɔ kple woƒe dzidzimeviwo kpakple amesiwo katã aku ɖe wo ŋu la be, woaɖu ŋkeke eve siawo le agbalẽ, si woŋlɔ na wo, kple ŋkeke ɖoɖo la nu, eye womada edzi o;


Eye fiasrɔ̃ Ester, Abixayil ƒe nyɔnuvi, kple Yudatɔ Mardoxai woŋlɔ agbalẽ zi evelia le Purim ŋuti heté gbe ɖe dzi be, woaɖo kpe eɖzi wòanye kɔnu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa