Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 9:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye Yudatɔ, siwo le Susa la, ƒo wo ɖokui nu ƒu le dzinu Adar ƒe ŋkeke wuienelia hã dzi, eye wowu ŋutsu alafa etɔ̃ le Susa; ke womede asi aboyonuawo ŋu o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Yudatɔ siwo nɔ Susa la ƒo ƒu le ɣleti wuievelia alo Ada ƒe ŋkeke wuienea gbe, eye wogawu ame alafa etɔ̃ (300). Ke womeha ame kukuawo ƒe nuwo o.

Onani mutuwo Koperani




Ester 9:15
10 Mawu Ofanana  

be: Fia la ɖe mɔ na Yudatɔ, siwo le du sia du me be, woaƒo ƒu aʋli woƒe agbe ta, eye woatsrɔ̃: dukɔ kple anyigbawo ƒe aʋakɔ, siwo xaxa wo ɖo la, woawu wo, eye woagblẽ wo dome, vidzĩewo kple nyɔnuwo siaa, eye woaha woƒe nuwo


amesiwo nye Hamedata vi Haman, Yudatɔwo, ƒe ketɔ ƒe ŋutsuvi ewoawo; ke womede asi aboyonuwo ŋu o.


Tete fia la gblɔ na fiasrɔ̃ Ester bena, Ne Yudatɔwo wu ŋutsu alafa atɔ̃ le Susa-mɔ̃ me, eye wotsrɔ̃ wo hekpe ɖe Haman vi ewoawo ŋu la, aleke womahawɔ le fia ƒe anyigba mamleawo dzi oa? Azɔ nuka biam nele? Woana wò. Eye nuka dim nègale? Woawɔ edzi.


Ester ɖo ŋu bena: Ne edze fia ŋu la, ekema woaɖe mɔ na Yudatɔ, siwo le Susa etsɔ hã, ne woawɔ ɖe egbe ƒe se la nu, eye woahe Haman vi ewoawo ɖe ati ŋu.


Tete fia la gblɔ be, woawɔ nenema. Wode se le Susa, eye wohe Haman vi ewoawo ɖe ati ŋu


Yudatɔ mamlea, siwo le fia ƒe anyigbawo dzi, ƒo wo ɖokui nu ƒu heʋli woƒe agbe ta, ale be wokpɔ gbɔdzɔe tso woƒe futɔwo si me, eye wowu ame akpe blaadre vɔ atɔ̃ le woƒe ketɔwo dome, ke womede asi aboyonuawo ŋu o.


Tete Yudatɔwo ƒo wo dokui nu ƒu ɖe woƒe duwo me le fia Axasweros ƒe anyigbawo katã dzi, be yewoawu amesiwo katã di yewoƒe dzɔgbevɔ̃e la. Amea ɖeke menɔ te ɖe wo nu o, elabena woƒe ŋɔdzi lé dukɔwo katã.


Miɖe mia ɖokui ɖa tso vɔ̃ sia vɔ̃ ƒomevi me!


Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena eya ŋutɔ gblɔ be: „Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpa o.“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa