Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 9:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Tete fia la gblɔ na fiasrɔ̃ Ester bena, Ne Yudatɔwo wu ŋutsu alafa atɔ̃ le Susa-mɔ̃ me, eye wotsrɔ̃ wo hekpe ɖe Haman vi ewoawo ŋu la, aleke womahawɔ le fia ƒe anyigba mamleawo dzi oa? Azɔ nuka biam nele? Woana wò. Eye nuka dim nègale? Woawɔ edzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Fia la gblɔ na Fianyɔnu Ester be, “Yudatɔwo wu ame alafa atɔ̃ (500) sɔŋ le Susa mɔ gã la me, ame siwo dome Haman ƒe viŋutsu ewoawo hã le. Ne miewɔ alea le afi sia la, mekpɔ nu si miewɔ le nye fiaɖuƒe la ƒe akpa bubuawo ɖa! Ke azɔ la, nu bubu ka dim nègale? Mawɔe na wò, gblɔe nam ko, ekema mawɔe.”

Onani mutuwo Koperani




Ester 9:12
6 Mawu Ofanana  

Fia la gblɔ nɛ bena: Fiasrɔ̃ Ester, nya ka dzɔ ɖe dziwò, eye nuka dim nèle? Nenye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃e hã la, woatsɔe ana wò!


Esime wole wein nom la, fia la gblɔ na Ester bena: Nuka dim nèle? Woana wò! Eye nuka biam nèle? Nenye fiaɖuƒe ƒe afã gɔ̃e hã la, woawɔ edzi!


Eye esi wole wein nom la, fia la gabia Ester le ŋkeke evelia dzi be: Fiasrɔ̃ Ester, nuka biam nèle? Woana wò Eye nuka dim nèle? Nenye fiaɖuƒe ƒe afã gɔ̃e hã la, woawɔ edzi na wo!


Gbemagbe wohe amesiwo wowu la ƒe xexlẽme va fia la ŋku me le Susa-mɔ̃ me,


Eye Yudatɔ, siwo le Susa la, ƒo wo ɖokui nu ƒu le dzinu Adar ƒe ŋkeke wuienelia hã dzi, eye wowu ŋutsu alafa etɔ̃ le Susa; ke womede asi aboyonuawo ŋu o.


Aʋafia gã la lé eƒe alɔnu, eye wòkplɔe ɖe kpoe hebiae bena: Nya ka le asiwò be, naka eta nama?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa