Ester 8:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19139 Tete woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo ɣemaɣi le dzinu etɔ̃lia, si nye dzinu Siwan la ƒe ŋkeke blave vɔ etɔ̃lia dzi, eye woŋlɔ agbalẽ la, abe alesi Mardoxai de se pɛpɛpɛ ene, le anyigba sia anyigba ƒe nuŋɔŋlɔ nu, ɖe dukɔ sia dukɔ: ƒe gbegbɔgblɔ, me, le Yudatɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ nu, ɖe woƒe gbegbɔgblɔ me, ɖo ɖe Yudatɔwo kple amegãwo, anyigba dzikpɔlawo kple anyigbawo ƒe tatɔwo tso India vaseɖe Kus, wole anyigba alafa ɖeka kple blave vɔ adre Onani mutuwoAgbenya La9 Enumake woyɔ agbalẽŋlɔla siwo le fia la ƒe dɔ me la vɛ le ɣleti etɔ̃lia si woyɔna be, Sivan la ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-etɔ̃a gbe. Azɔ woŋlɔ Mordekai ƒe gbedeasi siwo ɖom wòle ɖe Yudatɔwo, dumegãwo, mɔmefiawo kple bubume siwo le nuto alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adre (127) si keke tso India yi ɖase ɖe Kus ƒe liƒowo dzi ke la me. Woŋlɔ gbedeasi siawo ɖe nuto ɖe sia ɖe ƒe gbegbɔgblɔ me, eye woŋlɔe na Yudatɔwo hã ɖe woƒe degbe me. Onani mutuwo |